Espírito
O espírito humano é a parte mais profunda do nosso ser — onde Deus habita, onde a fé se ancora e de onde brota a verdadeira adoração. A Bíblia nos chama a viver pelo Espírito.
A natureza do espírito
O espírito está pronto, mas a carne é fraca. A batalha entre carne e espírito é constante e exige vigilância.
Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne menye nenema o la, tetekpɔ aɖu mia dzi, elabena gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ."
"Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la,
elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi.
Elabena ŋutilã la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe ŋutilã la ŋu. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o.
Eya ta mele egblɔm be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me, ale be miagawɔ ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi o.
Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o.
Esi míele agbe le Gbɔgbɔ la me la, mina míazɔ hã le eƒe kpɔkplɔ te.
Elabena susu si ŋutilã la kplɔna la nye ku, ke susu si Gbɔgbɔ la kplɔna la nye agbe kple ŋutifafa.
O Espírito de Deus em nós
Vosso corpo é templo do Espírito Santo. Deus fortalece com poder no homem interior pelo seu Espírito.
Nu ka ta va se ɖe fifia hã la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o, elabena Mawu ƒle mi ho gã aɖee. Eya ta miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋu dɔ hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye.
Ke ame si tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋu la, eya kplii wozu ɖeka le gbɔgbɔ me.
Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe ta me alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le ta me nɛ. Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko.
Ekema nu ka mawɔ? Mawɔ nu eve siawo. Mado gbe ɖa kple gbɔgbɔ eye magado gbe ɖa le kple tamesusu, ale be ame sia ame nase egɔme. Madzi ha le gbe manyamanyawo me eye magadzii le gbe nyanyɛ la hã me, ale be mase kafukafuha si dzim mele la gɔme,
Medoa gbe ɖa be tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu gbogboawo me la, wòana ŋusẽ tɔxɛ mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi, be Kristo nanɔ miaƒe dziwo me to xɔse me. Eye medoa gbe ɖa be miali ke ɖe eƒe lɔlɔ̃ la me,
Mebiaa míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu si nye ŋutikɔkɔe Fofo la be wòana Gbɔgbɔ la ƒe nunya kple ɖeɖefia mi be miaganyae ɖe edzi wu.
Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, "Abba, Fofo." Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu be Mawu viwo míenye.
Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu be Mawu viwo míenye.
Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, "Abba, Fofo."
Ke ne Kristo le mia me la, miaƒe ŋutilã ku le nu vɔ̃ ta, gake Gbɔgbɔ la nye agbe le dzɔdzɔenyenye ŋuti.
Elabena ame siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame mawoe nye Mawu viwo.
Nenema ke Gbɔgbɔ la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Elabena míenyaa nu si ta míado gbe ɖa ɖo gɔ̃ hã o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa nya ɖe akɔ ɖe mía nu le ŋeŋe manyagblɔ aɖe me.
Migagbɔdzɔ le vevidodo nu me o, ke boŋ mixɔ dzo le gbɔgbɔ me, eye misubɔ Aƒetɔ la kple dzi blibo.
Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se la ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me.
Vida no Espírito
Deus é Espírito e importa que os que o adoram o adorem em espírito e em verdade. O Espírito vivifica e transforma.
Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me."
Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi. Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me."
Ke mí ame siwo katã xɔ Yesu Kristo abe Aƒetɔ ene heɖoa dzi ɖe eŋu la, nutsyɔnu aɖeke mele míaƒe mowo o, eya ta míele abe ahuhɔ̃e si ɖea Aƒetɔ la ƒe keklẽ kple ŋutikɔkɔe fiana la ene. Eye zi ale si Aƒetɔ la si nye Gbɔgbɔ la le dɔ wɔm le mía me la, etrɔa mí be míaɖi Kristo le eƒe ŋutikɔkɔe me.
Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina míadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ, eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe.
elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi.
elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi.
Manɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, elabena menya be zi ale si miele gbe dom ɖa ɖe tanye, eye Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la hã le kpekpem ɖe ŋunye la, esiawo katã ahe nyui vɛ nam, eye woawɔe be woaɖe asi le ŋutinye le gaxɔ me.
Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔwo.
Promessas do Espírito
Derramarei o meu Espírito sobre toda a carne. O Espírito revela, guia e capacita os filhos de Deus.
Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la,
anye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mi
eye mena mienya nye susuwo.
Fɔɖiɖi menɔa ame ŋutɔ ƒe mɔwo ŋu le eya ŋutɔ ƒe ŋkume o,
ke Yehowa daa susuwo kpɔ.
Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ
eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.
Enyo be woabɔbɔ ame ɖokui ɖe anyi
le hiãtɔwo dome wu be woama afunyinuwo kple dadalawo.
Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ,
ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si xɔ du.
Yehowa ƒe akaɖi kpɔa ame ƒe gbɔgbɔ me
eye wòdzroa eƒe ememe ke kpɔ.
Egblɔ nam be, "Esia nye Yehowa ƒe gbedeasi na Zerubabel: ‘Menye ŋusẽ alo kalẽ o, ke boŋ Mawu ƒe Gbɔgbɔe.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye,
elabena Yehowa si ami nam,
be magblɔ nyanyui la na ame dahewo.
Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã.
Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo,
eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;
Mana dzi si to mɔ ɖeka wo, eye made gbɔgbɔ yeye wo me. Maɖe kpedzi la ɖa le wo me, eye mana lãkusidzi wo. Ekema woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye woakpɔ egbɔ be, yewowɔ nye seawo dzi. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu.
Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na ƒu siawoe nye, mana gbɔgbɔ nage ɖe mia me, eye miagbɔ agbe.
Cuidar do espírito
Cria em mim um coração puro e renova dentro de mim um espírito reto. O espírito quebrantado Deus não rejeita.
O! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam,
eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye.
Mègatsɔm ƒu gbe le wò ŋkume,
alo nàxɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o.
Gbugbɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzidzɔ de menye,
eye nàna gbɔgbɔ si le klalo la be wòalém ɖe asi.
Vɔsa siwo nye Mawu tɔe nye gbɔgbɔ si wogbã.
O! Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.
Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ,
eye wòɖea ame siwo ƒe gbɔgbɔ wogbã ƒu anyi.
Migaɖo dzi ɖe dziɖulawo ŋu o,
eye migaka ɖe amegbetɔ kodzogbea,
si mate ŋu axɔ na ame o la dzi o.
Ne woƒe gbɔgbɔ do go
le wo me la, wogatrɔna zua kewɔ,
gbe ma gbe ke woƒe ɖoɖo
siwo katã wowɔ la zua tofloko.
Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo.
Ale si ŋutilã gbɔgbɔmanɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔmee hã nye nu kuku.
Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ko dzi se o, ke boŋ mido gbɔgbɔwo kpɔ be wotso Mawu gbɔ hã. Elabena aʋatsonyagbɔɖila geɖewo kaka ɖe xexea me.
Míenyae bena míele agbe le eya amea me, eye eya hã le mía me, elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ de mía me.
"Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu nyui mia viwo la, ɖe mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔ me, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?"
Enumake wokpɔ nane si ɖi dzo ƒe aɖewo la dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tame, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene.
Le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi.
Gake gbɔgbɔ si le ame me,
Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe naa gɔmesesee.
Ɛ̃, ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me,
hafi agbe ƒe klosaloka natso, sikagba nagbã,
tɔmedeze nagbã le tsi dzidzi to,
tsidumɔ ƒe troƒe nafli ɖa,
nàgatrɔ azu anyi si nènye tsã eye gbɔgbɔ la natrɔ ayi Mawu,
ame si tsɔe na wò la gbɔ.
Enye dzidzɔ nam be maɖi ɖase na mi tso dzesi wɔnuku kple nukunu siwo Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la wɔ nam la ŋuti.
Eƒe dzesiwo lolo ŋutɔ,
eye eƒe nukunuwo tri akɔ ŋutɔŋutɔ.
Eƒe Fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe mavɔ
eye eƒe dziɖuɖu li tso dzidzime yi dzidzime.