Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 4 24

1 Balaam dze sii azɔ be edze Yehowa ŋu be yeayra Israel, eya ta megayi ɖaka nu abe ale si wòwɔna tsã la ene o, ke boŋ edze ŋgɔ gbegbe la. 2 Esi Balaam kpɔ eŋgɔ la, ekpɔ Israelviwo woƒu asaɖa anyi ɖe woƒe to vovovoawo me. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe edzi, 3 eye wògblɔ nya ɖi be,

"Balaam, Beor ƒe viŋutsu gblɔ be:

ame si kpɔa nu nyuie la ƒe nyagblɔɖi,

4 ame si sea Mawu ƒe nya la ƒe nyagblɔɖi,

ame si xɔa ɖeɖefia tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ,

ame si tsyɔa mo anyi,

eye eƒe ŋku nɔa te la ƒe nyawo.

5 "O! Yakob, agbadɔwo dzeani loo!

O! Israel, nɔƒewo nyo!

6 "Wokeke abe balimewo ene.

Wole abe amabɔ siwo le tɔsisi to ene.

Wole abe aloe si Yehowa do ene.

Wole abe sedati le tɔwo to ene.

7 Tsi asi tso woƒe tɔkpowo me.

Tsi anɔ woƒe kuwo me fũu.

"Woƒe fia axɔ ŋkɔ wu Agag.

Woado woƒe fiaɖuƒe ɖe dzi.

8 "Mawu kplɔ wo do goe tso Egipte.

Woƒe ŋusẽ le abe to ƒe ŋusẽ ene.

Wovuvu dukɔ siwo tso ɖe wo ŋu,

eye woŋe woƒe ƒuwo wuliwuli

heŋɔ wo kple woƒe aŋutrɔwo.

9 Wole adeklo dzi abe dzata ene,

eye abe dzatanɔ ene la, ame ka ate ŋu anyɔ wo?

"Woayra ame siwo yraa .

Eye woaƒo fi ade ame siwo ƒoa fi dea !"

10 Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, "Meyɔ be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃. 11 Dzo le afi sia! Trɔ yi mia de! Medi be made bubu aɖe ŋuwò, ke Yehowa te ɖe megbe tso bubu sia gbɔ!"

12 Balaam ɖo eŋu na Balak be, "Ɖe nyemegblɔe na ame dɔdɔwo 13 be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ!

14 "Ɛ̃, matrɔ azɔ ayi nye ŋutɔ nye amewo dome. Ke gbã la, na magblɔ nu si Israelviwo awɔ amewo la na !"

Balaam ƒe nyagblɔɖi enelia

15 Ale wògblɔ nyagblɔɖi siawo :

"Balaam, Beor ƒe viŋutsue

nye ame si ƒe ŋkuwo woʋu!

16 Esea Mawu ƒe nyawo,

nunya tso Dziƒoʋĩtɔ la gbɔ le esi.

Ekpɔa nu si Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖena fianɛ.

Etsyɔ mo anyi, eye eƒe ŋkuwo ʋu.

17 "Mekpɔe le Israel ŋgɔ be,

le ŋgɔgbe ʋĩi la,

ɣletivi aɖe adzɔ tso Yakob me!

Dziɖula sia tso Israel.

Aɖu Moabtɔwo dzi;

atsrɔ̃ Set ƒe viwo.

18 Israel axɔ Edom kple Seir siaa;

woaɖu woƒe futɔwo dzi.

Ke Israel akpɔ ŋusẽ

19 dziɖula atso Yakob,

eye wòagbã du geɖewo."

Balaam ƒe nyagblɔɖi atɔ̃lia

20 Balaam kpɔ Amalektɔwo ƒe aƒewo dzi ɖa, eye wògblɔ nya ɖi be,

"Amalek nye gbãtɔ le dukɔwo dome tsã

Ke tsɔtsrɔ̃ koe le ŋgɔ fifia!"

Balaam ƒe nyagblɔɖi adelia

21 Ekpɔ Kenitɔwo dzi ɖa hegblɔ be,

"Ɛ̃, èle teƒe sesẽ aɖe,

èwɔ atɔwo ɖe agakpewo me,

22 ke woatsrɔ̃ mi, Kenitɔwo.

Asiria fia ƒe aʋakɔ sesẽ la

aɖe aboyo mi tso anyigba sia dzi!"

Balaam ƒe nyagblɔɖi adrelia

23 Ewu eƒe nyagblɔɖi la nu be,

"Aléle! Ame ka ate ŋu anɔ agbe

ne Mawu nu sia?

24 Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒuta

woaɖu Eber kple Asiria dzi,

ke woaɖu woawo dzi."

25 Ale Balaam kple Balak klã , eye wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ yi wo de.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também