Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 4 16

Korah, Datan kple Abiram

1 Gbe ɖeka la, Korah, Izhar ƒe viŋutsu kple Kohat ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si nye Levi ƒe dzidzimevi la ɖoɖo kple Datan kple Abiram, ame siwo nye Eliab ƒe viŋutsuwo kple On, Pelet ƒe viŋutsu. Ame etɔ̃ siawo katã tso Ruben ƒe to la me. 2 Ɖoɖo lae nye be woana amewo nadze aglã ɖe Mose ŋu. Ame siwo ̃ ɖe aglãdzedze ƒe ɖoɖo sia dzi kple Israelviwo ƒe xexlẽmee nye ame alafa eve blaatɔ̃ (250). Wonye kplɔlawo kple aɖaŋudelawo. 3 Woyi Mose kple Aron gbɔ, eye wogblɔ na wo be, "Miaƒe asitɔakɔnyawo va ti na azɔ. Mienyo wu ame bubu aɖeke o. Israelvi ɖe sia ɖe nye Yehowa ƒe ame tiatia, eye wòli kpli katã. ka miekpɔ be miado mia ɖokuiwo ɖe dzi, agblɔ be ele be míaɖo to mi, eye mianɔ wɔwɔm abe ɖe mielolo wu Yehowa ƒe ame siawo dometɔ aɖe ene?"

4 Esi Mose se nya si gblɔm wole la, etsyɔ mo anyi. 5 Egblɔ na Korah kple ame siwo le eŋu la be, "Le ŋdi la, Yehowa afia ame siwo nye etɔwo, ame si le kɔkɔe kple ame si wòtia abe nunɔla ene la mi. 6 Ele be , Korah kple yowòmedzelawo katã miawɔ ale: Mitsɔ dzudzɔdosonuwo, 7 eye etsɔ la, miade dzo kple lifi wo me le Yehowa ŋkume. Ame si Yehowa atia lae anye ame si le kɔkɔe. Mi Levi ƒe viwo, mia gbɔ eme."

8 Mose gblɔ na Korah be, "Azɔ, mi Levi ƒe viwo, miɖo to. 9 Mesɔ gbɔ na mi be Israel ƒe Mawu la ɖe mi ɖa tso Israel ƒe ameha la me, kplɔ mi te ɖe eɖokui ŋu be miawɔ le Yehowa ƒe Agbadɔ la me, eye miatsi tsitre ɖe ameha la ŋkume asubɔ wo oa? 10 Ɖe ale si wòtsɔ sia de asi na mi Levi ƒe viwo ɖeɖe ko la mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, ɖe miele didim be yewoazu nunɔlawo mahã? 11 Yehowa ŋue mi kple mia yomedzelawo katã miebla ɖo. Ame kae nye Aron be mialĩ liʋĩliʋĩ le eŋu?"

12 Mose ɖo du ɖe Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo, ke wogblɔ be, "Míegbɔna o!" 13 Ɖeko wogblɔ be, "Ɖe nèbui be nu sue aɖe ko wònye nèwɔ be nèkplɔ dzoe le Egipte, tso anyigba nyui ma dzi be yeawu le gbegbe afi sia? Ke azɔ la, ɖe nègadi ̃ be yeaɖu fia ɖe mía dzia? 14 Gawu la, mèkplɔ yi anyigba wɔnuku si ŋugbe nèdo na la dzi o, eye mèna agbledenyigba kple waingblewo o. Ame kawoe nèle agbagba dzem be yeabu abunɛtɔwoe? Míegbɔna o!"

15 Mose do dɔmedzoe vevie, eye wògblɔ na Yehowa be, "Mègaxɔ woƒe vɔsawo o! Nyemefi woƒe tedzi ̃ kpɔ o, eye nyemewɔ nuvevi aɖeke wo dometɔ aɖeke kpɔ o."

16 Mose gblɔ na Korah be, "Miva afi sia etsɔ, kple yowòmedzelawo katã, eye miado ɖe Yehowa ŋkume; Aron anɔ afi sia. 17 Ame sia ame natsɔ dzudzɔdosonu ɖe asi, akɔ dzudzɔdonu ɖe wo me. Wo katã ƒe xexlẽme nanye alafa eve blaatɔ̃ (250), eye miatsɔ wo va Yehowa ŋkume. kple Aron , miatsɔ miaƒe dzudzɔdosunuwo ɖe asi ." 18 Ale wotsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo , ɖe dzo ɖe wo me, dzudzɔdonuwo ɖe wo me, eye wova tsi tsitre ɖe Agbadɔ la ƒe mɔnu kple Mose kple Aron. 19 Esi Korah ƒo eyomedzelawo katã nu ƒu ɖe Agbadɔ la ƒe ŋkume be woatsi tsitre ɖe wo ŋuti la, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la. 20 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, 21 "Miɖe mia ɖokuiwo ɖa le ame siawo dome ale be matsrɔ̃ wo enumake."

22 Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume, eye woƒo koko gblɔ be, "O! Mawu, amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu, ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe ameawo katã ŋuti esi wònye ame ɖeka koe nu ̃a?"

23 Tete Yehowa gblɔ na Mose be, 24 "Gblɔ na ƒuƒoƒe la be, Mite ɖa tso Korah, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ.’ "

25 Ale Mose ɖe abla yi Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ, eye Israel ƒe dumemetsitsiwo kplɔe ɖo. 26 Mose xlɔ̃ nu ameha la be, "Miɖe abla miadzo le ame ̃ɖi siawo ƒe agbadɔwo gbɔ; migaka asi woƒe naneke ŋu o, ne menye nenema o la, abala míawo , eye Yehowa atsrɔ̃ miawo ɖe woƒe nu ̃wo ta." 27 Ale ameawo katã te ɖa le Korah, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ. Datan kple Abiram do go tso woƒe agbadɔwo me, eye wotsi tsitre ɖe woƒe agbadɔwo ƒe mɔnu kple wo srɔ̃wo, wo viŋutsuwo kple wo vi suewo.

28 Eye Mose gblɔ be, "To nu sia me la, mianya be Yehowae dɔm ɖa be mawɔ nu siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye susu o. 29 Ne ŋutsu siawo aku dzɔdzɔmeku alo nu si dzɔna ɖe ŋutsu ɖe sia ɖe dzi koe dzɔ ɖe wo dzi la, ekema menye Yehowae dɔm o. 30 Gake nenye be Yehowa ana nu yeye aɖe kura nadzɔ, anyigba nake nu ami wo kple nu sia nu si nye wo , eye woayi tsiẽƒe agbagbee la, ekema mianya be ŋutsu siawo nu tovo ɖe Yehowa ŋu."

31 Esi Mose wu nya siawo nu teti ko la, anyigba la wo le wo te zi ɖeka, 32 eye anyigba la mi wo kple woƒe aƒemenuwo katã, eye nenema kee nye Korah yomedzelawo katã kple woƒe nunɔamesiwo katã . 33 Ale woyi tsiẽƒe agbagbe kple woƒe nunɔamesiwo katã, eye anyigba tu ɖe wo nu, hetsrɔ̃ wo, eye wodo ɖa le ameha la dome. 34 Esi ame siwo yi tsiẽƒe la ɣli dom la, Israelvi siwo katã ƒo xlã wo la de asi sisi me henɔ ɣli dom be, "Anyigba le míawo mi ge."

35 Dzo ge tso Yehowa gbɔ va fia ame alafa eve blaatɔ̃ (250) siwo dzudzɔ dom.

36 Yehowa gblɔ na Mose be, 37 "Gblɔ na Eleazar, Aron, nunɔla la ƒe viŋutsu be wòaɖe dzudzɔdonu mawo le dzo la me, eye wòakaka akawo ɖe teƒe didi aɖe, elabena dzoɖesonuawo le kɔkɔe 38 tso ame siwo nu ̃, eye woku la ƒe dzudzɔdosonuwo gbɔ. Na wòatsɔ dzudzɔdosonuawo atu ga gbadza aɖe atsyɔ vɔsamlekpui la dzi, elabena dzudzɔdosonu siawo le kɔkɔe esi wowɔ wo ŋu le Yehowa ŋkume ta. Ale ga gbadza si tsyɔ vɔsamlekpui la dzi la azu ŋkuɖodzinu na Israelviwo."

39 Ale nunɔla Eleazar tsɔ akɔblidzudzɔdosonu alafa eve blaatɔ̃ la tu ga ɖeka hena vɔsamlekpui la dzi tsyɔtsyɔ 40 be wòanye ŋkuɖodzinu na Israelviwo be ame sia ame si menye Aron ƒe dzidzimevi o la mekpɔ ava Yehowa ŋkume, eye wòado dzudzɔ o; ne menye nenema o la, nu si Korah kple eyomedzelawo la awɔ eya . Ale wowɔ ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose la dzi.

41 Esi ŋu ke ŋdi la, Israelviwo katã gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mose kple Aron ŋu, henɔ gbɔgblɔm be, "Miewu Yehowa ƒe amewo."

42 Ale ameha aɖe ƒo ƒu; kasia woakpɔ agbadɔ la gbɔ ɖa la, wokpɔ lilikpo la kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe la. 43 Mose kple Aron yi agbadɔ la ŋgɔ, 44 eye Yehowa gblɔ na Mose be. 45 "Mite ɖa le ame siawo gbɔ, ale be mate ŋu atsrɔ̃ wo enumake." Ke Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume.

46 Mose gblɔ na Aron be, "Netsɔ! Tsɔ dzudzɔdosonu ɖeka, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la me de eme, da dzudzɔdonu ɖe edzi, ɖe abla kplii yi ameawo dome, eye nàlé avu ɖe wo nu, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe ge ɖe wo dome, eye dɔvɔ̃ to ̃ xoxo." 47 Aron nu si Mose ɖo . Eƒu du yi ameawo dome, elabena dɔvɔ̃ la to xoxo. Etɔ dzo dzudzɔdonu la, eye wòlé avu ɖe wo nu. 48 Etsi tsitre ɖe ame kukuawo kple agbagbeawo dome, eye dɔvɔ̃ la nu tso, 49 ke ame akpe wuiene alafa adre (14,700) ku xoxo kpe ɖe ame siwo ku kple Korah le ŋkeke si do ŋgɔ la ŋu. 50 Aron trɔ va Mose gbɔ le agbadɔ la ƒe mɔnu. Ale dɔvɔ̃ la nu tso.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também