Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 4 28

Gbe sia gbe ƒe vɔsawo

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 "De se sia na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, Mikpɔ egbɔ be, le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi la, mietsɔ nye nuɖuɖu si nye dzovɔsa, si nye nu si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea ŋunye la nam.3 Ne miedi be yewoasa dzovɔ nam la, miwɔ alẽvi siwo ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la ŋu . Woatsɔ alẽvi eve asa vɔe nam gbe sia gbe. 4 Woatsɔ alẽvi ɖeka asa vɔe le ŋdi me, eye woatsɔ evelia asae le fiẽ me. 5 Woatsɔ nuɖuvɔsanu, si nye memee kilogram ɖeka si wobaka kple ami lita ɖeka. 6 Esia nye dzovɔsa si meɖo na mi le Sinai to la dzi be miatsɔ wo nam le ɣeyiɣi ɖoɖoawo dzi, wòanye dzovɔ si wosa na Yehowa, eye wòʋẽna lĩlĩlĩ. 7 Woatsɔ nunovɔsanu, si nye wain sesẽ lita ɖeka la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woatrɔ wain la le kɔkɔeƒe le Yehowa ŋkume. 8 Mitsɔ alẽvi evelia sa vɔe le fiẽ me, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ma ke akpe ɖe eŋu. Esia nye dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la na Yehowa.

Sabat ƒe vɔsawo

9 "Le Dzudzɔgbe la dzi la, tsɔ alẽvi eve siwo ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la sa vɔe kpe ɖe eƒe nunovɔsa kple nuɖuvɔsa ŋu. Nuɖuvɔsa la nanye memee lita ene kple afã si wobaka kple ami. 10 Esia nye Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe ƒe numevɔsa hekpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa ŋu."

Ɣleti sia ɣleti ƒe vɔsawo

11 "Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, woagasa numevɔ bubu na Yehowa kpe ɖe esi wosana gbe sia gbe la ŋu. Woasa sia kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo ƒe ɖeka. siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye si de blibo le go ɖe sia ɖe me. 12 Nu siwo woatsɔ akpe ɖe vɔsalã siawo ŋu lae nye: memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami lita ene kple afã abe nuɖuvɔsa ene kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu; memee kilogram eve si wobaka kple ami kilogram eve abe nuɖuvɔsa ene nazɔ kple agbo la, 13 eye woatsɔ memee si wobaka kple ami lita eve abe nuɖuvɔsa ene la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woame vɔsa sia; ado dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ. 14 Woatsɔ nunovɔsa si nye wain lita eve la akpe ɖe nyitsu la ŋu, atsɔ lita ɖeka kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, eye woatsɔ lita ɖeka akpe ɖe agbovi ɖe sia ɖe ŋu. Esiae nye nunovɔsa si woawɔ ɣleti sia ɣleti to ƒe blibo la me.

Ŋutitotoŋkekenyui la

15 "Emegbe la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, miana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa si miesana la ŋuti.

16 "Woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe le ƒe ɖe sia ɖe me. Miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la atsɔ ɖo ŋku gbe si gbe mawudɔla la dze to Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo ŋu, eye mewu wo o la dzi. 17 Ne ŋu ke la, ŋkeke adre ƒe dzidzɔŋkekenyui aɖe adze egɔme, ke womaɖu abolo ʋaʋã aɖeke o. 18 Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ aɖeke o. 19 Miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo ƒe ɖeka ko la asa numevɔ na Yehowa. siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye esi de blibo. 20 Misa numevɔ kple memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami la asa vɔe kpe ɖe alẽvi la ŋu, 21 eye miatsɔ ma lita eve akpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 22 Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu ̃ ŋuti vɔe, ale be mialé avu ɖe mia ɖokuiwo ta. 23 Vɔsa siawo akpe ɖe gbe sia gbe ƒe siwo miesana la ŋuti. 24 Miasa sia ke le Ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo ɖe sia ɖe gbe. Woadze Yehowa ŋu ŋutɔ. 25 Le ŋkeke adrea gbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o.

Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui

26 "Le kutsetse gbãtɔwo ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui alo Pentekoste ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe, atso aseye le nuŋeŋe yeye la ta. Gbe ma gbe la, ele be miatsɔ nuku yeye siwo mieŋe la ƒe gbãtɔ na Yehowa abe nuɖuvɔsa ene. Ame aɖeke mekpɔ awɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. 27 Woasa numevɔ tɔxɛ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la gbe ma gbe kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo ƒe ɖeka ko. 28 Miatsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple memee si wobaka kple ami lita ade kple afã akpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ ma lita ene kple afã, si wobaka kple ami la akpe ɖe agbo la ŋu, eye 29 memee lita eve nakpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 30 Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa avulévɔ ɖe mia ɖokuiwo ta. 31 Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe numevɔ, nuɖuvɔ kple nunovɔ siwo miesana gbe sia gbe la ŋu. Mikpɔ egbɔ be miaƒe vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe de blibo."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também