Família
A família é a primeira instituição criada por Deus. Ele a projetou para ser escola de amor, fé e formação de caráter. A Bíblia honra a família e nos ensina a cuidar dela.
Eu e minha casa
Eu e minha casa serviremos ao Senhor. A família que serve a Deus juntos permanece unida e fortalecida em todas as circunstâncias.
Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!"
Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!"
Woɖo eŋu nɛ be, "Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, ekema wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ xɔxɔ."
Yehowa, míaƒe Mawu la nanɔ kpli mí abe ale si wònɔ kple mía fofowo eye megblẽ mí ɖi gbeɖegbeɖe o la ene.
Criar os filhos
Instrui a criança no caminho em que deve andar. O lar é a primeira escola de fé e obediência.
He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la,
mate ɖa le edzi o.
He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la,
mate ɖa le edzi o.
Nuxɔxlɔ̃ amewo le ha baɖa dede ŋuti
Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃
eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.
Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta
kple kɔga anɔ kɔwò.
Nuxɔxlɔ̃ amewo le ahasiwɔwɔ ŋuti
Vinye, lé fofowò ƒe sededewo me ɖe asi
eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.
Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi. Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me.
Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi. Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me.
Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.
Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.
Ɖeviwo kple dzilawo
Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. "Bu fofowò kple dawò," esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo,
Honrar e amar
Honra teu pai e tua mãe. A família funciona com perdão, paciência e amor incondicional entre todos os seus membros.
Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi.
Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi.
bu fofowò kple dawò; lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene!"
Nufiafia le srɔ̃gbegbe ŋuti
Esi Yesu wu eƒe nuƒo sia nu la, edzo le Galilea, eye wòtso Yɔdan tɔsisi la va Yudea nutowo me. Ameha gã aɖe kplɔe ɖo, eye wòda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu.
Farisitɔ aɖewo va egbɔ be yewoadoe kpɔ. Wobiae be, "Ele se nu be ŋutsu nagbe srɔ̃a le susu ɖe sia ɖe ta?"
Eɖo eŋu na wo be, "Ɖe miexlẽe kpɔ be le gɔmedzedzea me la, Wɔla la wɔ wo ŋutsu kple nyɔnu o mahã? Eya ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi alé ɖe srɔ̃a ŋu ɖikaa, eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. Esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka, eya ta nu si ke Mawu bla la, amegbetɔ aɖeke megama eme o."
Tete wobia Yesu be, "Ekema nu ka ŋuti Mose de se be ŋutsu nana srɔ̃gbegbalẽ srɔ̃a, eye wòagbee mahã?"
Yesu ɖo eŋu na wo be, "Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo, elabena miaƒe dzi me sẽ, gake menɔ alea le gɔmedzedzea me o, eye mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame si gbe srɔ̃a, eye menye ɖe ahasiwɔwɔ ta o, ke boŋ le susu bubu aɖe ta, eye wòyi ɖaɖe nyɔnu bubu la, ewɔ ahasi."
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, "Nenye be wòle alea la, anyo wu be ŋutsu maɖe srɔ̃ o."
Yesu gblɔ na wo be, "Menye ame sia amee ase nya sia gɔme o, negbe ame siwo ŋu Mawu kpe ɖo la ko, elabena wodzi ame aɖewo wonye ame tatawo tso dzɔdzɔme; ame bubuwo la, ame aɖewoe wɔ wo wozu nenema be womaɖe srɔ̃ o. Ke ame aɖewo gbea srɔ̃ɖeɖe le dziƒofiaɖuƒe la ta. Ame si lɔ̃ la, nexɔ nye nyawo."
Yesu yra ɖevi suewo
Dzila aɖewo kplɔ wo vi suewo va Yesu gbɔ be wòada asi ɖe wo dzi, eye wòado gbe ɖa ɖe wo ta. Ke nusrɔ̃lawo nya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o.
Gake Yesu gblɔ be, "Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la." Ale wòtsɔ eƒe asiwo da ɖe wo dzi, eye wòyra wo hafi dzo.
Ɖekakpui kesinɔtɔ la
Ame aɖe hã va Yesu gbɔ kple biabia sia be, "Nufiala, nu nyui ka mawɔ be manyi agbe mavɔ ƒe dome mahã?"
Yesu gblɔ nɛ be, "Ne èyɔm be Aƒetɔ nyui la, ekema Mawue nye ema yɔm nèle, elabena ame ɖeka koe li woayɔ be ame nyui, eye ame siae nye Mawu. Le wò biabia la ŋuti la, mele egblɔm na wò be àte ŋu ayi dziƒo nenye be èwɔ ɖe Mawu ƒe seawo dzi."
Ŋutsu la gabiae be, "Se kawoe?"
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Woawoe nye, mègawu ame o; mègawɔ ahasi o; megafi fi o; mègada alakpa o; bu fofowò kple dawò; lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene!"
Ɖekakpui la gblɔ nɛ be, "Mewɔa se siawo dzi tso nye ɖevime ke, ke nu kae gasusɔ mawɔ?"
Yesu gblɔ nɛ be, "Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nàdze yonyeme." Ke esi ɖekakpui la se nya sia la, edzo kple nuxaxa, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe.
Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, "Nyateƒe, asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ be woage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. Megale egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me."
Ke esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, woƒe nu ku, eye wobia be, "Ke ame ka gɔ̃ ate ŋu akpɔ ɖeɖe le xexe sia me?"
Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be, "Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o."
Petro gblɔ nɛ be, "Míawo la, míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme. Fetu ka míakpɔ?"
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Vavã mele egblɔm be, nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi, adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo, eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, nɔviŋutsuwo, nɔvia nyɔnuwo, fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo alo eƒe nunɔamesiwo ɖi hedze yonyeme la, akpɔ wo ɖe edzi teƒe alafa ɖeka (100), eye wòanyi agbe mavɔ ƒe dome. Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo fifia la, azu mamlɛtɔwo, eye ame siwo nye mamlɛtɔwo la, azu gbãtɔwo."
Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene.
Ke hã la, ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu hã nade bubu srɔ̃a ŋuti.
Ne ame aɖe ƒo adegbe be, "Melɔ̃ Mawu," ke wòléa fu nɔvia la, enye alakpatɔ, elabena ame sia ame si melɔ̃a nɔvia, ame si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu ame si mekpɔna o.
Cuidar da família
Quem não cuida dos seus negou a fé. A família é responsabilidade sagrada — prover, proteger e abençoar é mandamento divino.
Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.
Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.
Ke ne viwo alo mamayɔviwo le wo si la, ekema ele be woawo nakpɔ wo dzi, elabena ele be dɔmenyowɔwɔ nadze egɔme tso aƒe me, eya ta ele be woakpe ɖe wo dzila siwo le hiã me la ŋuti. Esia nye nane si dzea Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ.
Mama le hamea me
Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be miadzudzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me.
Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ,
eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.
Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la,
le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene.
Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu.
Ŋu makpe wo o,
ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me.
Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li
kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi
kple wo viwo ƒe viwo
kpakple ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi,
eye woɖoa ŋku edzi wɔna ɖe eƒe sewo dzi.
Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li
kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi
kple wo viwo ƒe viwo
kpakple ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi,
eye woɖoa ŋku edzi wɔna ɖe eƒe sewo dzi.
Aleke wohenyo, eye wòvivinae,
ne nɔviwo nɔ teƒe ɖeka le ɖekawɔwɔ me!
Unidade familiar
A coroa dos velhos são os filhos dos filhos. O casamento, os filhos e a comunhão familiar são bênçãos de Deus.
Ame si ku amegã la ƒe fiakukue nye viawo ƒe viwo
eye dzilawo nye atsyɔ̃ na wo viwo.
Ame si ku amegã la ƒe fiakukue nye viawo ƒe viwo
eye dzilawo nye atsyɔ̃ na wo viwo.
Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣeawo katã ɣi,
ke wodzi nɔviŋutsu hena hiãgbe.
Ame si si xɔlɔ̃ geɖe le la ate ŋu awu nu le gbegblẽ me,
gake xɔlɔ̃ aɖe li si kuna ɖe ame ŋu wu dadavi gɔ̃ hã.
Mègagblẽ xɔ̃wò alo fofowò xɔlɔ̃ ɖi o,
eye mègayi nɔviwò ƒe aƒe me ne dzɔgbevɔ̃e ƒo go wò o,
anyo na wò be nàyi hawòvi si tsɔ ɖe gbɔwò la gbɔ wu
nɔviwò si le adzɔge.
Nya wuienelia
Vinye, ne wò dzi dze nunya la,
ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ
Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe
eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu.
Solomo ƒe lododowo:
Ɖevi si nya nu la nana fofoa kpɔa dzidzɔ,
ke ɖevi si tsi bome la hea nuxaxa vɛ na dadaa.
Wu wò gotadɔwo nu
eye nàdzra wò agble me ɖo,
ema megbe la, tu wò xɔ.
Ŋuklẽla hea fukpekpe vaa eƒe aƒe dzi,
ke ame si lé fu zãnuxɔxɔ la anɔ agbe.
Ame si he dzɔgbevɔ̃e va eƒe ƒome dzi la,
ya anye eƒe domenyinu
eye bometsila anye subɔla na nunyala.
Casamento e família
O homem deixará pai e mãe e se unirá à sua mulher. A família começa no casamento — aliança sagrada diante de Deus.
Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.
Mawu yra wo gblɔ na wo be, "Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo."
Ɖu agbe kple nyɔnu si nèlɔ̃ la, le agbemeŋkeke ʋɛ siwo le ŋgɔwò la me elabena srɔ̃ si Mawu tsɔ na wò lae nye wò fetu gãtɔ le afii le wò dagbadagbawo katã ta.
Ke tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze me ke la, Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu. Le esia ta ŋutsu agble fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnu la ŋuti eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. Eya ta womeganye ame eve o, ke boŋ wozu ɖeka. Esia ta nu si ke Mawu bla la, ame aɖeke megama eme o."
"Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu nyui mia viwo la, ɖe mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔ me, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?"
"Ɖe nyɔnu aŋlɔ vi si le no nu la be,
eye makpɔ nublanui na vi si eya ŋutɔ dzi oa?
Togbɔ be ate ŋu aŋlɔe be hã la,
nye ya nyemaŋlɔ wò be o!
Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ŋkɔ ɖe nye asiƒowo me,
eye wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye le etsɔ megbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene. Ame siwo katã le mɔkpɔkpɔ me alea la wɔa wo ɖokuiwo dzadzɛe abe ale si eya hã le dzadzɛe ene.