Publicidade

1 Reis 8

Wotsɔ nubablaɖaka la va gbedoxɔ la me

1 Azɔ la, Fia Solomo ƒo Israelviwo ƒe kplɔlawo, towo kple hlɔ̃wo ƒe tatɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem be, woakpɔ ale si woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso agbadɔ la me le Zion, David ƒe du la me, ayi gbedoxɔ la me la teƒe. 2 Tete Israel ŋutsuwo katã kpe ta ɖe Fia Solomo gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me.

3 Esi Israelviwo ƒe ametsitsiawo katã va ɖo la, nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la. 4 Wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple takpeƒe ƒe agbadɔ la kple nu kɔkɔe siwo katã le eme. Nunɔlawo kple Levitɔwoe tsɔ wo. 5 Fia Solomo kple Israelviwo katã ƒo ƒu ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu axlẽ o la sa vɔe.

6 Le esia megbe la, nunɔlawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te. 7 Wowɔ kerubiawo ale be woƒe aʋalawo tsyɔ teƒe si woada nubablaɖaka la ɖo la dzi. Ale woƒe aʋalawo tsyɔ nubablaɖaka la kple kpo siwo wowɔ ɖe wo ŋu la dzi. 8 Kpoawo didi ale gbegbe be woƒe nugbɔwo didi gbɔ aɖaka la ŋu, woate ŋu akpɔ wo tso emetɔ, Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me, gake womate ŋu akpɔ wo le Kɔkɔeƒe la godo o. Wogale afi ma va se ɖe egbe. 9 Naneke menɔ nubablaɖaka la me ɣe ma ɣi o, negbe kpe kpakpa eve siwo Mose tsɔ de wo me le Horeb to la dzi esime Yehowa bla nu kple Israelviwo le woƒe dzodzo le Egipte megbe la ko.

10 Kpɔ ɖa! Esi nunɔlaawo trɔ tso Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔna ko la, lilikpo keklẽ aɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me taŋtaŋ! 11 Nunɔlaawo magate ŋu awɔ woƒe o, le lilikpo la ta elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe gbedoxɔ la me.

12 Fia Solomo gblɔ be "Yehowa gblɔ be yeanɔ lilikpo doviviti aɖe me. 13 Metu gbedoxɔ nyui aɖe na , si me nànɔ tegbee."

14 Tete Fia la trɔ ɖe ameha la gbɔ, ameawo tsi tsitre ɖe eŋkume be yewoaxɔ eƒe yayra eye wòyra wo. 15 Egblɔ bena,

"Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si tsɔ eƒe asi ŋugbe si wòdo kple eƒe nu na fofonye, David dzi egbe 16 elabena Yehowa gblɔ na Fia David be, Tso gbe si gbe mekplɔ nye dukɔ Israel tso Egipte la, nyemetia du aɖeke le Israel toawo katã me be woatu gbedoxɔ nam ɖe afi ma be nye ŋkɔ nanɔ eme o. Ke metia David be wòanɔ nye dukɔ Israel nu.

17 "Ame siae nye fofonye, Fia David. Edi be yeatu gbedoxɔ aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ. 18 Ke Yehowa gblɔ na fofonye, David be, Esi nèɖoe ɖe dzi me be yeatu gbedoxɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be nèɖoe ɖe dzi me. 19 Ke, menye wòe nye ame si atu gbedoxɔ la o, ke viwò, ame si nye ŋutɔ ŋutilã kple ʋu; eyae nye ame si atu gbedoxɔ la na nye ŋkɔ.

20 "Azɔ la, Yehowa nu si ŋugbe wòdo elabena mezu Israel fia ɖe fofonye David yome eye azɔ la, metu gbedoxɔ sia na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ. 21 Mewɔ teƒe aɖe ɖe gbedoxɔ la me na nubablaɖaka la si me nubabla si Yehowa kple mía fofowo esime wòkplɔ wo tso Egiptenyigba dzi la le."

Salomo ƒe gbedodoɖa hena gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ

22 Azɔ Solomo tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume, eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo 23 eye wògblɔ be,

"Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu aɖeke meɖi , le dziƒo afi ma alo anyigba dzi afi sia o, ame si léa lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi kple subɔla siwo zɔna ɖe mɔwo nu kple dzi blibo. 24 Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye David, ame si nye subɔla la dzi. Ètsɔ nu do ŋugbee eye nètsɔ asi edzi abe ale si wòle egbe ene.

25 "Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, ŋugbe bubu si nèdo la dzi. Èdo ŋugbe be, ne fofonye ƒe dzidzimeviwo alé mɔwo me ɖe asi eye woawɔ lɔlɔ̃nu abe ale si eya ene la, ekema wo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi. 26 Ke azɔ la, Israel ƒe Mawu, ŋugbedodo si nèwɔ na dɔla David, fofonye la dzi.

27 "Ke, ɖe Mawu ate ŋu anɔ anyigba dzia? Dziƒowo kple dziƒo kɔkɔtɔwo kekeake melolo na , hafi gbedoxɔ sia nasu na o! 28 Ke, ɖo to dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo na nublanuikpɔkpɔ, O Yehowa, nye Mawu. Se dɔla ƒe ɣlidodo kple gbe si dɔla le dodom ɖa na egbe. 29 Na ŋkuwo nanɔ gbedoxɔ sia ŋu kple keli, teƒe si ŋu nègblɔ le be Nye ŋkɔ anɔ afi maale be nàse subɔla ƒe gbe si wòado ɖa ɖo ɖe teƒe sia. 30 Ɖo to subɔla kple Israelviwo ƒe kukuɖeɖe ne wodze ŋgɔ afi sia eye wodo gbe ɖa na . Ɛ̃, se woƒe gbedodoɖa le dziƒo si nye nɔƒe eye ne èsee la, ekema nàtsɔ nu ̃wo ake.

31 "Ne wotsɔ nya ɖe ame aɖe ŋu be ewɔ nu ̃ aɖe eye wòtsi tsitre ɖe afi sia, le vɔsamlekpui la ŋgɔ heka atam be yemewɔ nu ̃ la o la, 32 ekema, se eƒe gbe le dziƒo, nàtso afia na ame si dzɔ, nàbu agɔdzela la eye nàna eƒe fɔɖiɖi nava eƒe ta dzi. na ame si dzɔ la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye nu.

33 "Ne futɔwo ɖu dukɔ, Israel dzi elabena wowɔ nu ̃ ɖe ŋutiwò, ne wotrɔ va gbɔwò eye woʋu ŋkɔ me, ne wodo gbe ɖa na le gbedoxɔ sia me la, 34 ekema se woƒe gbe tso dziƒo eye nàtsɔ dukɔ, Israel ƒe nu ̃ akee eye nàgbugbɔ wo ava anyigba si nèna wo fofowo la dzi.

35 "Ne dziƒowo nu tu eye tsi mele dzadzam o elabena amewo nu ̃ ɖe ŋutiwò, ne wodo gbe ɖa ɖo ɖe teƒe sia, ʋu ŋkɔ me eye woɖe asi le woƒe nu ̃ ŋu elabena èwɔ fu wo la, 36 ekema se woƒe kokoƒoƒo tso dziƒo eye nàtsɔ subɔlawo, dukɔ, Israel ƒe nu ̃wo ake wo. Fia agbenɔnɔ ƒe nyuitɔ wo eye nàna tsi nadza ɖe anyigba si nèna wo abe woƒe domenyinu ene la dzi.

37 "Ne to le anyigba la dzi to dɔléle ƒe agblemenukuwo dzi dzedze alo ʋetsuviwo ƒe vava me, ne Israel ƒe futɔwo ɖe to ɖe Israel ƒe duwo dometɔ aɖe eye ne dɔvɔ̃ to le anyigba la dzi alo ne nu bubu ɖe sia ɖe na to le anyigba la dzi, 38 ne dukɔ Israel ƒe amewo ƒo koko na , wo dometɔ ɖe sia ɖe dze si eya ŋutɔ ƒe dzi ƒe fuɖenamewo eye wòdo eƒe asiwo ɖe dzi do ɖe gbedoxɔ sia gbɔ la, 39 ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, nɔƒe, tsɔ woƒe nu ̃wo ke wo eye nàkpe ɖe ame sia ame si ʋu eƒe nu ̃ me na le nyateƒe me la ŋu elabena ènya ame siawo ƒe dzi me. 40 Ale woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ wòe esi wole anyigba si nèna wo fofowo la dzi.

41 "Amedzro si metso dukɔ, Israel me o, ke wòtso didiƒenyigba aɖe dzi le ŋkɔ ta, 42 elabena amewo ase nu tso ŋkɔ la, asi sesẽ la kple alɔ si nèdo ɖe dzi la ta, ne amedzro sia va eye wòdo gbe ɖa le gbedoxɔ sia gbɔ la, 43 ekema se woƒe gbedodoɖa le dziƒo, nɔƒe la eye nàwɔ nu si wobia la na wo. Ekema anyigbadzitɔwo katã anya nu tso ŋkɔxɔxɔ ŋu eye woavɔ̃ abe ale si ŋutɔ Israelviwo ̃a wòe ene, ale woawo anya be gbedoxɔ sia, si metu na la nye tɔwò nyateƒe.

44 "Ne èna amewo ho aʋa ɖe woƒe futɔwo ŋu eye wotrɔ mo ɖo ɖe Yerusalem, du tiatia la kple gbedoxɔ sia, si metu na ŋkɔ la, 45 se woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le dziƒo eye nàxɔ na wo.

46 "Ne wowɔ nu ̃ ɖe ŋuwò, abe ale si ame sia ame wɔa nu ̃ ene, nèdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu eye nèna woƒe futɔwo ɖe aboyo wo yi dzronyigba aɖe dzi, didiƒe alo kpuiƒe 47 eye ne wotrɔ susu le anyigba si dzi woɖe aboyo wo yi, eye wotrɔ dzi me heƒo koko le aboyonyigba dzi hegblɔ be, Míewɔ nu ̃, míeda vo eye míewɔ nu ŋutasẽtɔe48 eye ne wotrɔ va gbɔwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le ame siwo ɖe aboyo wo ƒe anyigba dzi eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe anyigba si nèna wo fofowo gbɔ, ɖo ɖe du si nètia kple gbedoxɔ si metu na ŋkɔ gbɔ la, 49 ekema nàse woƒe gbedodoɖa kple kukuɖeɖe le dziƒo, nɔƒe eye nàwɔ woƒe biabiawo dzi na wo.

50 "Tsɔ amewo ƒe nu ̃wo katã ke wo eye nàna ame siwo ɖe aboyo wo la nakpɔ nublanui na wo 51 elabena amewoe wonye, domenyinu si nèɖe tso Egiptetɔwo ƒe kpodzo mee wonye.

52 "Na ŋkuwo kple towo siaa naʋu ɖe woƒe kukuɖeɖewo ŋu. Oo, Yehowa, se woƒe gbedodoɖawo eye nàwɔ woƒe biabiawo dzi na wo ɣe sia ɣi si woado ɣli na 53 elabena ètia wo le anyigbadzidukɔwo katã dome be woanye domenyinu, abe ale si nègblɔ to dɔla Mose dzi ene esi nèkplɔ mía fofowo tso Egipte, Oo Aƒetɔ Yehowa."

54 Esi Solomo wu gbedodoɖa siawo katã na Yehowa nu la, etsi tsitre tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ afi si wòdze klo ɖo heke eƒe abɔwo me ɖo ɖe dziƒo. 55 Etsi tsitre eye wòyra Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la kple gbe sesẽ aɖe hegblɔ be,

56 "Woakafu Yehowa, ame si eƒe ŋugbedodowo katã dzi eye wòna ŋutifafa eƒe dukɔ, Israel. Nya ɖeka ̃ megbe emevava le ŋugbe siwo wòdo to Mose dzi la me o. 57 Yehowa, míaƒe Mawu la nanɔ kpli abe ale si wònɔ kple mía fofowo eye megblẽ ɖi gbeɖegbeɖe o la ene. 58 Eya ŋutɔ nanyɔ didi le mía me be, míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me eye míawɔ eƒe se kple ɖoɖo siwo wòna mía tɔgbuiwo la dzi. 59 Yehowa, míaƒe Mawu la nena nye gbedodoɖa sia me nyawo nanɔ eƒe ŋkume kple keli ale be wòakpe ɖe nye kple Israel blibo la ŋu le míaƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo me. 60 Wòana wòava eme be anyigbadzitɔwo katã nanya be Yehowae nye Mawu eye mawu bubu aɖeke kura megali o. 61 Oo, nye amewo, mianɔ agbe dzadzɛ, le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume, miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo katã dzi, abe ale si miele ewɔm egbe ene la ko!"

Gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ

62 Azɔ la, Fia Solomo kple Israel blibo la sa vɔwo le Yehowa ŋkume. 63 Solomo sa akpedavɔ na Yehowa kple nyi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) kple alẽ kple gbɔ̃ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000). Ale Fia la kple Israelviwo katã Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu.

64 Gbe ma gbe ke la, fia la xɔxɔnu emetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋgɔ la ŋuti eye le afi ma wòsa numevɔ, nuɖuvɔ kple akpedavɔ ƒe amiwo le elabena akɔblivɔsamlekpui si le Yehowa ŋkume la le sue akpa na numevɔ, nuɖuvɔ kple akpedavɔsawo ƒe ami.

65 Ale Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke. Woɖu ŋkeke sia le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ŋkeke adre eye wogaɖui ŋkeke adre bubu. Wo katã le ŋkeke wuiene. 66 Esi ŋu ke la, edo ameawo wodzo. Woyra fia la hafi dzo yi aƒe me; dzidzɔ kple aseyetsotso woƒe dziwo me ɖe nu nyui siwo katã Yehowa na eƒe dɔla, David kple eƒe dukɔ, Israel la ta.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-