Filho do homem
Filho do Homem é o título que Jesus mais usou para si mesmo. Ele conecta sua humanidade plena com a visão profética de Daniel sobre o Messias glorioso que receberá domínio eterno.
A profecia de Daniel
Daniel viu alguém como o Filho do Homem vindo com as nuvens do céu. Foi-lhe dado domínio, glória e reino eterno.
"Le nye ŋutega me le zã me la, mekpɔ ame aɖe si le abe amegbetɔ vi ene wògbɔna kple dziƒo ƒe lilikpowo. Egogo Blema Mawu la eye wokplɔe yi eŋkumee. Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple gãnyenye ƒe ŋusẽ nɛ eye amewo katã kple dukɔwo katã kple ame siwo tso gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me la subɔe. Eƒe dziɖuɖu nye dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee, dziɖuɖu si nu matso o eye eƒe fiaɖuƒe nye esi womagbã gbeɖe o.
Ame aɖe tsi tsitre ɖe wo dome si ɖi Amegbetɔ Vi la. Edo awu ʋlaya aɖe, eye wòtsɔ sikalidziblaka aɖe bla akɔta.
Xexeame ƒe nuŋeɣi la ɖo
Tete mekpɔ lilikpo ɣi aɖe le nye ŋkume, eye ame aɖe si le abe Amegbetɔ Vi la ene la nɔ anyi ɖe lilikpo la dzi. Sikafiakuku le ta nɛ, eye wòlé nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi.
Stefano gblɔ na ameha la be, "Mikpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔ Vi la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime."
Jesus, o Filho do Homem
O Filho do Homem veio buscar e salvar o que se havia perdido. Ele tem autoridade para perdoar pecados e julgar.
Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe ame siwo bu la.]
Egblɔ na wo be, "Enyo, maɖe egɔme na mi. Nyee nye agbledela si ƒã bli ɖe nye agble me la.
elabena abe ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi evelia
Esi wogaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo be, "Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo,
Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.
Nuwuwu ʋɔnudɔdrɔ̃ la
"Ne Nye, Amegbetɔ Vi la meva le nye ŋutikɔkɔe me kple mawudɔlawo katã la, ekema manɔ anyi ɖe nye ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi.
edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu yeƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la, egblɔna na wo be, "Woade Amegbetɔ Vi la asi, woawui, gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, magatsi tsitre tso ame kukuwo dome."
elabena Amegbetɔ Vi la meva be ame aɖeke nasubɔ ye o. Ke boŋ be wòasubɔ amewo, eye be yeatsɔ yeƒe agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta."
Ke ne mianyae bena ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi." Ale wògblɔ na lãmetututɔ la be, "Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba nàyi aƒe me."
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo hã, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o."
"Elabena Amegbetɔ Vi la ƒe tɔtrɔgbɔ adze nyuie abe ale si dzi kea dzo le lilikpowo mee ene, be ame sia ame nakpɔe.
Glória e autoridade
Quando o Filho do Homem for levantado, atrairá todos a si. Ele é plenamente humano e plenamente divino.
Ale Yesu gagblɔ na wo be, "Ne miekɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi la, ekema mianya be, nyee nye ame si megblɔ be menye la, eye nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ nya siwo Fofo la fiam be magblɔ la.
Nyateƒe gblɔm mele na wò be, èle dziƒo kpɔ ge wòaʋu, eye mawudɔlawo anɔ Amegbetɔ Vi la gbɔ vam, aganɔ dziƒo yim."
Ke ame aɖe gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be,
"Nu kae nye amegbetɔ be nèbua eŋuti,
eye nu kae nye Amegbetɔ Vi be nèléa be nɛ?