Pular para o conteúdo
Publicidade

Filhos de Deus

Por Bíblia Online

Ser filho de Deus é o maior privilégio da existência humana. Pela fé em Cristo, recebemos o direito de ser chamados filhos de Deus — herdeiros de Deus e co-herdeiros com Cristo.

O direito de ser filho

A todos que creram no nome de Jesus, deu-lhes o poder de serem feitos filhos de Deus — nascidos não do sangue, mas de Deus.

Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo, ame siwo womedzi tso ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.

Elabena Mawu ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.

Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me.

Elabena le Kristo Yesu me la, mi katã mienye Mawu ƒe viwo to xɔse me, elabena mi ame siwo wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo abe awu ene.

Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa be wòaɖe ame siwo le se la te la, be wòate ŋu axɔ abe eya ŋutɔ ƒe viwo ene.

Eya ta mèganye kluvi azɔ o, ke boŋ ènye Mawu ŋutɔ ƒe vi; azɔ esi nènye via ta la, Mawu eƒe domenyilae.

A identidade dos filhos

O Espírito testifica com nosso espírito que somos filhos de Deus. E se filhos, também herdeiros — herdeiros de Deus.

Elabena ame siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame mawoe nye Mawu viwo. Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, "Abba, Fofo."

Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu be Mawu viwo míenye.

Esia le fiafiam be menye Abraham ƒe viwo katãe nye Mawu viwo o, ke boŋ ame siwo ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wodo na Abraham dzi se la koe.

"Ɣeyiɣi li gbɔna esi Israel akpɔ dzidzedze, azu dukɔ aɖe; le ɣe ma ɣi me la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, elabena woasɔ gbɔ abe ƒutake ene! Ale be, le esi megblɔ na wo be, Mienye nye dukɔ oteƒe la, magblɔ na wo be, Mienye vinyewo, Mawu Gbagbe la ƒe viwo.

Nu siwo ŋu kple nu siwo ŋu mekɔ na ɖuɖu o

"Esi wònye Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe amewo mienye ta la, migasi ŋuti na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔna ne wole woƒe legbawo subɔm la ene o. Gawu la, ne ame ku la, mele be mialũ miaƒe ŋgonu kple dzodome o. Yehowa, miaƒe Mawu la ɖeɖe ko tɔe mienye. Eyae tia mi be mianye ye wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me.

Viver como filhos

Vede que grande amor o Pai nos concedeu: que fôssemos chamados filhos de Deus! E é isso que somos.

Agbenɔnɔ abe Mawu viwo ene

Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la ̃a ɖa be woayɔ be Mawu viwo. Nyateƒe, Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya o lae nye be womenya eya amea o.

To esia me míedea vovototo Mawu viwo kple Abosam ƒe viwo dome. Ame si mewɔa nu si le eteƒe o la menye Mawu vi o. Nenema ke ame si melɔ̃a nɔvia o la menye Mawu vi o.

Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo léa avu la,

elabena miawoe woayɔ be Mawu ƒe viwo.

Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, "Ke miawo ya ɖe, ame ka miebu be menye?"

Simɔn Petro ɖo eŋu be, "Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi."

Yesu gblɔ be, "Mawu neyra , Simɔn Yona ƒe vi, elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia , ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o.

Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene, elabena Mawu le mia hem abe via ŋutsuwo ene, elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o? Ame sia ame toa hehe te, eya ta ne miawo mieto hehe te o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo.

Seja o primeiro