Publicidade

Gratidão a Deus

Por Bíblia Online

A gratidão a Deus é atitude que transforma a vida. Reconhecer que toda boa dádiva vem de Deus nos leva a louvar, servir e viver com alegria e propósito.

Tudo vem de Deus

Toda boa dádiva vem do alto. Agradecer a Deus é reconhecer que Ele é a fonte de toda bênção e sustento.

Elabena nu sia nu si Mawu la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye be mieda akpe ɖe eta,

Elabena nu sia nu si Mawu la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye be mieda akpe ɖe eta, eye miebia tso Mawu si be wòayrae, elabena Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa awɔe kɔkɔe.

Paulo ƒe akpedada ɖe Mawu ƒe amenuveve ta

Medaa akpe geɖe na Kristo Yesu míaƒe Aƒetɔ la be wòtia nye abe eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ene, eye wòna ŋusẽm be manye nuteƒewɔla ,

Ɖoɖowo le subɔsubɔ ŋu

Eya ta mele nu xlɔ̃m amewo be do ŋgɔ na nu sia nu la, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔɖeakɔwo kple akpedada ɖe amewo katã ta,

Eye be miada akpe na Fofo la, ame si be míedze na gomekpɔkpɔ le nu siwo kekeli la ƒe fiaɖuƒemetɔwo akpɔ gome le la me.

Mili ke ɖe eya amea me blibo eye miaxɔ nunyiame tso egbɔ. Mikpɔ egbɔ be mietsi ɖe edzi le xɔse me. Mina dzidzɔ kple akpedada nayɔ miaƒe agbe me fũu ɖe nu siwo katã wòwɔ na mi la ta.

Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi.

Louvor e gratidão

Louvai ao Senhor e dai-lhe graças! Ele fez maravilhas e é digno de todo louvor e agradecimento.

Mada akpe na Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta,

eye madzi kafukafuha na Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋkɔ.

"Mitsɔ akpedavɔsawo na Mawu,

eye mixe miaƒe adzɔgbeɖefewo na Dziƒoʋĩtɔ la.

Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ,

eye madoe ɖe dzi kple akpedada.

Ke ame siwo dia la netso aseye;

woakpɔ dzidzɔ le mewò,

eye ame siwo ̃a xɔname la negblɔ ɖaa be,

"Woado Mawu ɖe dzi ɖaa!"

O! Mawu, míeda akpe na ,

míeda akpe na , elabena ŋkɔ tsɔ ɖe mía gbɔ,

eye amewo le nukunuwo xlẽm fia.

Ekema dukɔ,

lãnyiƒe ƒe alẽwo akafu tegbee,

eye tso dzidzime yi dzidzime

míaɖe kafukafu afia.

Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada,

eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu;

mida akpe , eye mikafu eƒe eŋkɔ.

Èna nye avifafa zu ɣeɖuɖu;

èɖe akpanya le ŋutinye hetsɔ dzidzɔkpɔkpɔ do nam,

ale be nye dzi nadzi ha na , eye mazi ɖoɖoe o.

O! Yehowa, nye Mawu,

mada akpe na tegbetegbe.

Wodzi ha be: Mida akpe na Yehowa

Miyɔ eƒe ŋkɔ eye miɖe gbeƒã nu

siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.

Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo

Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

Expressões de gratidão

Dar graças com oração e súplica. A gratidão se expressa em palavras, atos e atitudes que glorificam a Deus.

Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu.

Mida akpe na Mawu Fofo la ɖaa le nu sia nu ta le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.

Mele be woase nya vlowo, gbegblẽnyawo kple dzeɖoɖo madzetowo le mia nu o, ke boŋ akpedada ɖe Mawu ƒe amenuveve ta.

Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣe sia ɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta.

Míaƒe fukpekpe siawo katã nye viɖe geɖe na mi, eye zi ale si míeɖe gbeƒã Mawu ƒe amenuveve sia na ame geɖewo, eye wokpɔ gome le eme la, zi nenema ke woatsɔ kafukafu kple akpedada na Aƒetɔ la.

Mida akpe le nuwo katã me, elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me.

le gbɔgblɔm be,

"O Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, míeda akpe na ,

ame si li fifia, eye nènɔ anyi kpɔ,

elabena èxɔ ŋusẽ triakɔ la,

eye nèdze dziɖuɖu gɔme.

Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na ,

eye maxe nye adzɔgbeɖefe na ,

elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona."

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-