Publicidade

Irrepreensível

Por Bíblia Online

Ser irrepreensível não é ser perfeito — é viver com integridade diante de Deus e dos homens. A Bíblia nos chama a buscar uma vida reta, pura e sem manchas visíveis de hipocrisia.

O padrão divino

Deus é perfeito e chama seus filhos à integridade. A palavra de Deus é purificada e Ele é escudo dos que caminham na retidão.

"Mawu ya ƒe mɔwo de blibo,

Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ.

Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe sitsoƒee.

Mawu ya ƒe mɔwo de blibo,

Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ.

Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe sitsoƒee.

Woayra ame siwo kpɔtsɔtsɔ mele woƒe mɔwo ŋu o,

ame siwo zɔna ɖe Yehowa ƒe se la nu.

Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o,

eye wòwɔa nu dzɔdzɔe lae.

Ame si toa nyateƒe tso eƒe dzi me ke

eye ameŋugbegblẽ mele aɖe dzi o,

ame si mewɔa ̃ ɖe ehavi ŋu o,

eye meƒoa ɖi nɔvia amegbetɔ o,

Eɖo dziɖuɖu ɖi na nuteƒewɔlawo

eye wònye akpoxɔnu na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,

Buscar a perfeição em Cristo

Todos tropeçamos em muitas coisas, mas o alvo é a maturidade. Cristo é a fonte da salvação eterna para todos os que lhe obedecem.

Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le geɖewo nu. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame si de blibo, ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã blibo la.

Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛe, eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxawo me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.

Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.

eye esi wowɔe blibo la, eva zu ɖeɖe mavɔ kpɔtsoƒe na ame siwo katã ɖoa toe.

Yesu gblɔ be, "Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na . Ne èwɔ esia la, va nàdze yonyeme."

Vida íntegra

Que a vossa alegria seja completa! Vivam em harmonia, sejam irrepreensíveis — transformados pela renovação da mente.

Megblɔ nya siawo na mi be dzidzɔ si le menye la nanɔ miawo mia me, be miaƒe dzidzɔ nagbã go.

Va se ɖe fifi la, miebia naneke le nye ŋkɔ me kpɔ o. Mibia, eye miaxɔe, be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.

Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.

Mama le hamea me

Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be miadzudzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me.

Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be mianɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me.

Midze Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu yome

Azɔ ne nuxɔxlɔ̃ aɖe li le Kristo me, ne lɔlɔ̃ ƒe dzideƒonya aɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe hadede aɖe li, ne dɔmetɔtrɔ aɖe kple nublanuikpɔkpɔ aɖe li la, ekema mina makpɔ dzidzɔ vavãtɔ to miaƒe taɖodzinu ɖeka kple mia nɔewo lɔlɔ̃ me; eye mitsɔ gbɔgbɔ ɖeka kple susu ɖeka dɔe aduadu.

Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi. Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.

Mina susu ma ke si Kristo Yesu me la nanɔ miawo mia me.

Ame si, esi wònye be Mawu ƒe nɔnɔme mee wònɔ la,

mebui be yesɔ kple Mawu o,

ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do,

eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me.

Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la,

ebɔbɔ eɖokui,

ɖo to yi ɖase ku me,

yi ɖase atitsogaŋutiku me ke!

Eya ta Mawu doe ɖe dzi yi ɖase teƒe kɔkɔtɔ kekeake,

eye wòtsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta la .

Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, ame sia ame,

adze klo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te,

eye aɖe sia aɖe aʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ,

hena Mawu Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe.

Ɣletivi keklẽwo

Esia ta ̃nye lɔlɔ̃awo, abe ale si mienye sedziwɔlawo ene, esi menɔ mia gbɔ la, ele be miagalé seawo dzi wɔwɔ me ɖe asi sesĩe wu, esi nyemegale mia gbɔ o. Miwɔ miaƒe xɔxɔkpɔkpɔ ŋu le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, elabena Mawue le wɔm le mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe, eye miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

Miwɔ nu sia nu liʋĩliʋĩlilĩ kple nyahehe manɔmee, ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene, eye migblɔ Agbenya la na wo, be mate ŋu aƒo adegbe le Kristo ƒe vavagbe be nyemewɔ vlo o.

Ekema nenye be Kristo gava la, makpɔ dzidzɔ aɖe be nyemewɔ si meɖe vi aɖeke o. Eye nenye be wokɔ nye ʋu ɖi abe nunonovɔsa ene na Mawu ɖe miaƒe xɔse ta la, anye dzidzɔ nam, eye makpɔ dzidzɔ kpli mi. Eya ta miawo , mikpɔ dzidzɔ kplim.

Timoteo kple Epafrodito

Mele kpɔm be ne Aƒetɔ Yesu ̃ la, maɖo Timoteo ɖa be wòava kpɔ mi ɖa kpuie. Ekema ne etrɔ gbɔ la, nu siwo wòava gblɔ nam tso nu siwo katã wɔm miele kple ale si miele dɔa dzii ŋu la, ana dzi nagaɖo ƒonye. Ame aɖeke megali si tsɔ ɖe le miaƒe nya me le nyateƒe me wu Timoteo o. Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti, eye menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene. Ke mienya Timoteo nyuie. Ɖe wòle nam abe vi ene, eye wòwɔa kplim le nyanyui la gbɔgblɔ me. Mele kpɔm be maɖoe ɖe mi kpuie; mekpɔ nu siwo le dzɔdzɔm ɖe dzinye la gbɔ . Eye mele dzi ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu be ana be nye ŋutɔ mava kpɔ mi ɖa kpuie.

Le ɣeyiɣi sia me la, mebui be enyo be magbugbɔ nɔvinye Epafrodito aɖo ɖe mi. Ezu nɔvinye, nye dɔwɔhati, asrafo, ame si nye miaƒe dɔla si mieɖo ɖa be wòana kpekpeɖeŋum le nye hiahiãwo me la. Azɔ la, megbugbɔe le ɖoɖom ɖe mi, elabena ele mia susum, eye esi miese be edze la, ele nu xam. Le nyateƒe me la, edze , eye wòku kloe, gake Mawu kpɔ nublanui na nye kplii siaa, be metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o.

Eya ta metsi dzi vevie be maɖoe ɖe mi, eye ne miegakpɔe la, miakpɔ dzidzɔ, eye esia aɖe nye nuxaxawo dzi kpɔtɔ. Mido dzaa le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ aɖe eye miɖe miaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae, elabena eƒe agbe ɖo xaxa aɖe me ɖe Kristo ƒe la ta, eye wòku kloe le esime wònɔ agbagba dzem be yeawɔ nu siwo miete ŋu nam o la, ɖe ale si miele adzɔge le gbɔnye ta.

Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ ̃ ɖo ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣe sia ɣi la, mianyo me na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe.

Gake enya si dzi mele, ne edom kpɔ la,

mato eme abe sika ene.

Nye afɔwo le eƒe afɔtoƒewo yome kplikplikpli,

melé eƒe tsɔ eye nyemedze ɖe aga o.

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-