Publicidade

Salmos 15

David ƒe ha.

1 Yehowa, ame kae dze anɔ kɔkɔeƒe la?

Ame kae anɔ togbɛ kɔkɔe la dzi?

2 Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o,

eye wòwɔa nu dzɔdzɔe lae.

Ame si toa nyateƒe tso eƒe dzi me ke

3 eye ameŋugbegblẽ mele aɖe dzi o,

ame si mewɔa ̃ ɖe ehavi ŋu o,

eye meƒoa ɖi nɔvia amegbetɔ o,

4 ame si ame baɖa ƒe nu menyoa eŋu o,

ke boŋ edea bubu ame siwo ̃a Yehowa la ŋuti,

ame si kaa atam si hea vevesese vanɛ,

gake megbea edziwɔwɔ o,

5 ame si medoa ga xɔa deme ɖe edzi o,

eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋuti o.

Ame si wɔa nu siawo la,

naneke maʋãe akpɔ gbeɖegbeɖe o.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-