Medo da morte
O medo da morte é universal, mas Cristo o venceu. A Bíblia ensina que para quem crê, a morte perdeu o aguilhão — não é mais motivo de terror, mas porta para a eternidade com Deus.
Cristo venceu a morte
Jesus assumiu carne e sangue para, pela morte, destruir o que tinha o poder da morte e libertar os que viviam em escravidão pelo medo dela.
Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me, ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Abosam, eye wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me.
Ne eva dzɔ alea la, ekema Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me nyawo ava eme be, "Womi ku le dziɖuɖu me."
O, ku, afi ka wò dziɖuɖu la le?
O, ku afi ka wò ti la le?
Elabena ku ƒe ti nye nu vɔ̃, eye nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ nye se la. Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi!
Eya ta esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakplii, bena abe ale si wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me.
Eya ta ne míezu ɖeka kplii, eye míesɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me.
A promessa da vida eterna
Quem ouve a Palavra e crê já passou da morte para a vida. O amor perfeito lança fora o medo, até o medo da morte.
"Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me.
Yesu gblɔ nɛ be, "Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe;
Mele nyateƒe la gblɔm na mi be ame si ɖoa tom la, mele kuku ge akpɔ o."
Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.
Vɔ̃vɔ aɖeke menɔa lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ vavãtɔ nyaa vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa. Elabena vɔvɔ̃ ku ɖe tohehe ŋu. Ame si vɔ̃na la ƒe lɔlɔ̃ mede blibo o.
Não temas
Jesus disse: não temais os que matam o corpo. No vale da sombra da morte, o Senhor está conosco como pastor e protetor.
"Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã, ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ɔ, ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me.
Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la,
nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o,
elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti
kple atikplɔ faa akɔ nam.
Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi."
Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò.
Ame siwo zɔna le dzɔdzɔenyenye me
la yina ɖe ŋutifafa me,
le ku me ke hã, wodzudzɔna.
elabena, "Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe."
Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,
"Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me;
wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene."
Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si lɔ̃ mí la me. Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o.