Publicidade

Isaías 57

1 Ame dzɔdzɔe tsrɔ̃na, eye ame aɖeke

mebua eŋu le eƒe dzi me o.

Woɖea Mawumemewo ɖa,

gake ame aɖeke mesea egɔme be

ɖe woɖea ame dzɔdzɔewo ɖa be

womagadze nu ̃ɖi me o.

2 Ame siwo zɔna le dzɔdzɔenyenye me

la yina ɖe ŋutifafa me,

le ku me ke , wodzudzɔna.

3 "Ke mite va afii, mi nyɔnunukala ƒe viwo.

Mi ahasitɔwo kple gbolowo ƒe dzidzimeviwo!

4 Ame ka ŋue miele fewu ɖum le?

Ame ka ŋu mieke nu bãa ɖo hedo

aɖe ɖe gota biɖaa na?

Ɖe menye aglãdzelawo kple alakpatɔwo

ƒe dzidzimeviwoe mienye oa?

5 Fieŋufieŋu le lãme na mi ɖe legbawo ŋu,

le logotiwo kple ati dama ɖe sia ɖe te.

Mietsɔa mia viwo sãa vɔe

le balimewo kple agakpetowo te.

6 Legba siwo le balime kple kpe zɔsrɔ̃ewo dome lae

nye gomekpɔkpɔ.

Woawoe nye tɔwò.

Woawoe nèƒoa aha ɖi na,

eye nètsɔa nuɖuvɔsa naa wo.

Le nu siawo katã ta la, ɖe mazi kpia?

7 Èɖo aba ɖe togbɛ si bobobo la dzi.

Afi mae nèyi hewɔ vɔsawo le.

8 Ètsɔ trɔ̃subɔnuwo da ɖe

ʋɔtruwo kple ʋɔtrutiwo megbe.

Ègbe nu le gbɔnye.

Èklo nu le aba dzi hede edzi,

eye nèkekee ɖe edzi hebla enu

kple ame siwo ƒe abawo nèlɔ̃,

eye nèkpɔ woƒe amame.

9 Èyi ɖe Molek gbɔ kple ami,

eye nètsɔ ami ʋeʋĩwo kpe ɖe eŋu fũu.

Èɖo ame dɔdɔwo ɖe didiƒe ke,

eye ŋutɔ nèyi tsiẽƒe!

10 mɔwo na ɖeɖi te ŋuwò,

gake mèdi be yeagblɔ be,

Wo katã nye toflokoo.

Èkpɔ be ŋusẽ gaɖo yeye me,

eya tae nu mete ŋuwò o.

11 "Ame kae dzi ŋɔ na mi nenema,

eye ame kae mievɔ̃ na

nenema gbegbe be mieto nyateƒe nam o,

eye mieɖo ŋku dzinye alo bu nu sia ŋuti

le miaƒe dzi me o?

Ɖe menye esi mezi kpi eteƒe didi

tae mievɔ̃na nam oa?

12 Maɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye

kple miaƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia,

ke womaɖe vi aɖeke na mi o.

13 Ne miedo ɣli be woakpe ɖe mia ŋu la,

ekema mina miaƒe legba gbogboawo naxɔ na mi!

Ya akplɔ wo katã adzoe,

ne woɖo ƒuƒu teti ɖe wo la,

wo katã woaƒo ya adzo;

ke ame si tsɔm eƒe sitsoƒee la,

anyi anyigba la ƒe dome,

eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòanye etɔ."

Akɔfafa na dzimetrɔlawo

14 Woagblɔ be,

"Mido , mido .

Midzra mɔtata la dzi ɖo!

Miɖe mɔxenuwo ɖa le me na nye dukɔ",

15 elabena ale ame si nye ,

eye wòkɔ wu nuwo katã,

ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe

nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi,

"Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe,

gake meli kple ame si ƒe nu ̃wo vee,

eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be

magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la

ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe

ame si ƒe nu ̃wo vee la ƒe dzi.

16 Nyemanɔ bum ɖaa

alo ado dɔmedzoe ɣe sia ɣi o,

ne menye nenema o la,

nu ati na ame ƒe gbɔgbɔ le ŋkunye me,

eye nu ate luʋɔ siwo mewɔ la ŋu.

17 Nye dɔmedzoe fla le eƒe ŋubiabiã ƒe nu ̃ ta.

Mehe to , eye meɣla nye ŋkume ɖee le dziku me,

ke la, egayi eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ dzi.

18 Mekpɔ eƒe mɔwo, gake mada gbe le eŋu.

Mafia mɔe, eye magbugbɔ afa akɔ .

19 Matsɔ kafukafuha ade nu

na Israel ƒe konyifalawo, eye

ŋutifafa, ŋutifafa na ame siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa.

Nye la, mayɔ wo katã."

Yehowae gblɔe.

20 "Ke ame ̃ɖiwo le abe atsiaƒu dzeagbo

si mate ŋu anɔ anyi kpoo o la ene;

esi ƒe ƒutsotsoewo le gbeɖuɖɔ

kple ba ɖem ɖe go."

21 Nye Mawu be,

"Ŋutifafa meli na ame ̃ɖi la o."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-