Pular para o conteúdo
Publicidade

Milagres

Por Bíblia Online

Os milagres manifestam o poder soberano de Deus. Desde a criação até os sinais de Jesus e dos apóstolos, Deus intervém sobrenaturalmente na história para revelar sua glória e amor.

O Deus dos milagres

Para Deus nada é impossível. Ele abriu o mar, fez cair fogo do céu e ressuscitou mortos. Seu poder não tem limites.

Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be, "Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o."

Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be, "Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o."

Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la ava me pɛpɛpɛ."

"Nyee nye Yehowa, amegbetɔwo katã ƒe Mawu. Ɖe nane sesẽ nam akpa?

Egiptetɔwo tsi Ƒu Dzĩ la me.

Tete Mose tsɔ eƒe asi do ɖe ƒu la dzi. Ale blibo la Yehowa tutu atsiaƒu la ɖe megbe to ɣedzeƒeya sesẽ aɖe dzi, eye wòna anyigba ƒuƒui dze. Tsi la ma ɖe akpa eve, eye Israelviwo to atsiaƒu la me le anyigba ƒuƒui dzi, ale tsi la zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame.

Maɖo ŋku Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dzi,

ɛ̃, maɖo ŋku nukunu siwo nèwɔ le blema la dzi.

Made ŋugble le dɔwɔwɔwo katã ŋu,

eye mabu ta me le nuwɔwɔ dzɔatsuwo ŋu.

Wòe nye Mawu si nukunuwo,

eye nèɖe ŋusẽ fia le dukɔwo dome.

Milagres pela fé

Se tiverdes fé como um grão de mostarda, movereis montanhas. A fé é a chave que acessa o poder miraculoso de Deus.

Yesu ɖo eŋu na wo be, "Elabena xɔse ʋɛ aɖe koe le mia si. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ne miaƒe xɔse le sue abe logoku ene la, miate ŋu agblɔ na to sia be, Ho le teƒe sia, eye wòaho. Naneke wɔwɔ masesẽ na mi o. [

Yesu ɖo eŋu na wo be, "Le nyateƒe me la, ne xɔse vavã le mia si, eye ɖikeke mele mia me o la, miate ŋu awɔ nu siawo, eye nu siwo miawɔ la akɔ wu esiwo mewɔ kura ̃ . Miate ŋu agblɔ na to si kpɔm miele le afii kura ̃ be, ho nàyi aɖadze atsiaƒu me, eye wòava eme enumake.

Yesu gabiae be, "Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko."

Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ na wo be, "Esia sesẽ na amegbetɔwo, gake ele bɔbɔe na Mawu ya, elabena naneke mesesẽ na Mawu o."

Yesu ɖo eŋu be, "Mawu ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ mate ŋu awɔ o!"

Ale mewɔ nukunu geɖewo le afi ma o, le woƒe dzimaxɔse ta.

Sinais e prodígios

Os apóstolos realizaram sinais e maravilhas em nome de Jesus. Os dons do Espírito incluem a operação de milagres e a fé sobrenatural.

Petro yi edzi gblɔ be, "Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ.

Esi wodo gbe ɖa alea la, si me wonɔ la ʋuʋu sesĩe. Wo katã fũu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye wogblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo blibo.

Mawu nukunu tɔxɛwo to Paulo ƒe asi dzi ale gbegbe be wòtsɔa takuviwo kple akɔtawuiwo kaa dɔnɔwo ŋu wohayana, eye gbɔgbɔ ̃wo doa go le wo me.

Esi mele mia gbɔ la, nye dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖo kpe edzi be Aƒetɔ lae tiam abe apostolo ene, eye wòdɔm be mava gblɔ nyanyui la na mi, eye metsɔ dzigbɔɖi dzesiwo, nukunuwo kple ŋusẽdɔ geɖewo le mia dome.

Nu siawoe nye ɖoƒe siwo Mawu ɖo ɖe eƒe hame si nye eƒe ŋutilã me la dometɔ aɖewo. Gbãtɔ, apostolowo; evelia, nyagblɔɖilawo; etɔ̃lia, nufialawo; emegbe nukunuwɔlawo, dɔyɔlawo, kpekpeɖeŋunalawo, dɔdzikpɔlawo, ame siwo ƒoa nu kple gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.

Gbɔgbɔ la naa ŋutete ame aɖe be wòaɖo aɖaŋu nyuie. Ame bubu anyo ŋutɔ le nusɔsrɔ̃ kple nufiafia me, eye esiae nye eya ƒe nunana tso Gbɔgbɔ ma ke gbɔ. Gbɔgbɔ la kee naa xɔse ame aɖe eye wònaa dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ ame bubu. Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo, eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ ̃woe le nu ƒom to ame siwo be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o, eye wònaa ŋusẽ ame bubu siwo menya gbe ma o la be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme.

Yesu gblɔ be, "Migagbe o, elabena ame si le nukunu aɖe wɔm le nye ŋkɔ dzi la, mate ŋu anye nye futɔ o. Ame si metsi tsitre ɖe mía ŋu o la, ele míaƒe akpa dzi.

Milagres de cura e provisão

A oração da fé salvará o enfermo. Deus provê, cura e intervém quando clamamos a Ele com fé genuína.

Eye gbe si wodo ɖa le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu ̃ la, woatsɔe akee. Eya ta miʋu miaƒe nu ̃wo me na mia nɔewo, eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna, eye wòwɔa .

Eliya nye amegbetɔ abe míawo ke ene. Edo gbe ɖa vevie be tsi megadza o, eye tsi medza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ. Emegbe la, egado gbe ɖa, dziƒo nu ʋu, eye tsi dza, ale be anyigba gatse eƒe kutsetsewo.

Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ, eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme. Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo, eye le nua ɖuɖu megbe la, wofɔ kakɛ siwo susɔ la de kusi wuieve sɔŋ me woyɔ.

Yesu da gbe le nyɔnu aɖe ŋu le Sabat dzi

Gbe ɖeka esi Yesu nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi la, ekpɔ nyɔnu aɖe si dɔléamegbɔgbɔ na wònɔ lém vevie ƒe wuienyi sɔŋ. Dɔléle la na be wòxa gobaa, ale be mate ŋu adzɔ ɖe tsitrenu o.

Yesu yɔe va eɖokui gbɔe eye wògblɔ be, "Nyɔnu, èvo tso dɔléle la si me!" Azɔ eka asi eŋu, eye enumake nyɔnu la ƒe dɔa , eye wòdzɔ ɖe tsitre hekafu Mawu.

Yudatɔwo ƒe kplɔla si ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu la ta, elabena eyɔ na nyɔnu la le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be, "Ŋkeke ade sɔŋ le kɔsiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi wòle be nàva woayɔ , ke menye le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o!"

Aƒetɔ la ɖo eŋu be, "Mi alakpanuwɔlawo! Ɖe mieɖea ka miaƒe tedziwo alo nyiwo le woƒe kpowo me le Dzudzɔgbe dzi, eye miekplɔa wo yina ɖanaa tsi wo wonona oa? Esia nye dɔwɔwɔ le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Ke nu ̃ wònye nye ya mewɔ be meɖe ga Yuda nyɔnu, Abraham ƒe dzidzimevi sia, le Dzudzɔgbe ŋkeke dzia? Ame si Satana bla kple dɔléle ƒe wuienyi sɔŋ la?"

Eƒe nya siawo na be ŋu kpe eƒe futɔwo katã, eye ame sia ame kpɔ dzidzɔ le nukunu siwo katã wòwɔ la ta.

Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu le Kana le Galilea hetsɔ ɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia, eye eƒe nusrɔ̃lawo edzi se.

Esi ameawo kpɔ nukunu si Yesu la, wodo ɣli gblɔ be, "Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila si míele kpɔm na le xexe sia me."

Yesu gblɔ be, "Esi nèkpɔm la, èxɔe se, ke woayra ame siwo mekpɔm o, gake woxɔ dzinye se."

Yesu nukunu kple dzesi geɖewo le nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume, esiwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o. Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me.

Nusrɔ̃la ma si ɖo yɔdo la gbɔ gbã la ge ɖe eme mlɔeba. Ekpɔe, eye wòxɔe se be, etsi tsitre vavã. (Elabena va se ɖe ɣe ma ɣi la, womese egɔme le mawunya me be Yesu atsi tsitre tso ame kukuwo dome o.)

Discernimento nos sinais

A Bíblia alerta contra falsos milagres e sinais enganosos. Devemos provar os espíritos e não seguir sinais que desviam de Deus.

Mawu bubuwo subɔsubɔ

"Ne nyagblɔɖila aɖe le mia dome alo ame si gblɔna be yeate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge to drɔ̃ekuku me, ne eƒe nyagblɔɖiwo vaa eme, gake wògblɔna be, Miva, mina míasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawuwola, migaɖo to eƒe nya o. Yehowa miaƒe Mawu le mia dome be yeanya ne mielɔ̃ ye le nyateƒe me kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo loo alo mielɔ̃e o. Migasubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o. Misubɔ Yehowa miaƒe Mawu ko. Miwɔ ɖe eya ko ƒe sewo dzi, eye mialé ɖe eŋu.

Tete mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃ siwo ɖi akpɔkplɔwo la. Wodo tso ʋɔ driba la ƒe nu me kple wɔadã la ƒe nu me kple aʋatsonyagbɔɖila la ƒe nu me. Wonye gbɔgbɔ ̃ siwo le nukunuwo wɔm la, eye wodona yina ɖe xexemefiawo gbɔ, ne woaƒo wo nu ƒu hena aʋawɔwɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke la dzi.

Amewo bia dzesi

Tete Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo kple Farisitɔ aɖewo bia tso esi be, "Nufiala, míedi dzesi kple nukunu aɖe tso gbɔwò."

Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be, "Dzidzime ̃ɖi si wɔa ahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu Nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la o, elabena abe ale si Yona tɔmelã la ƒe me ŋkeke etɔ̃ kple etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la manɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple etɔ̃.

Babadodo na du siwo metrɔ dzi me o

Azɔ Yesu he nya ɖe du siwo me wòwɔ eƒe nukunu geɖewo le la ŋu, elabena wogbe be yewomaxɔ Mawu dzi se o. Egblɔ le wo ŋu be, "Baba na Korazin! Baba na Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, anɔ akpanya kple afi me. Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na Sidon kple Tiro le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu mi! Eye mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me, elabena ɖe wowɔ nukunu klitsu siwo wowɔ le mewò le Sodom la, ne womatsrɔ̃ dua o, ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe. Ke mele egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na Sodomnyigba le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu ."

A criação como milagre

O próprio corpo humano é milagre de Deus. Toda a criação testifica do poder e da sabedoria do Criador.

Elabena wòe nye ememe ke;

eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe me.

Mekafu , elabena èwɔm ŋɔdzitɔe kple nukutɔe.

dɔwɔwɔwo nye nukunu,

menya esia nyuie.

Makafu , O! Yehowa,

kple nye dzi blibo,

maɖe nukunuwɔwɔwo katã afia.

Eya ta Aƒetɔ la ŋutɔ ana dzesi mi. Ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, ana ŋkɔe be Imanuel.

Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be, "Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel" (si gɔmee nye, "Mawu li kpli mí ").

gake wo katã wokpɔe wònɔ zɔzɔm le ƒu la dzi, eya ta wodo vɔvɔ̃ɣli, elabena wobu be ŋɔlie. Gake eƒo nu gblɔ na wo enumake be, "Miaƒe dzi nedze eme. Nyee, migavɔ̃ o."

Esi Yesu se nya si amea tsɔ la, egblɔ na ɖevia fofo be, "Mègavɔ̃ o! ya se ko, ekema viwòa agagbɔ agbe."

Azɔ esi wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga le la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu kafukafu me kple gbe sesĩe le nukunu siwo wokpɔ la ta, gblɔ be,

"Woayra fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!"

"Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo ʋĩi!"

Le nya siawo gbɔgblɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me.

Ale medze anyi. Enumake mese ame aɖe ƒe gbe be, Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ale mahã?

Fukpekpe dziŋɔ enyilia: ʋetsuviwo

Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, "Gayi Farao gbɔ, eye nàgatsɔ biabia la ɖo eŋkume. Ke mana eya kple eƒe aɖaŋudelawo ƒe dzi me nagasẽ kokoko ale be mate ŋu awɔ nukunu bubuwo, eye maɖe nye ŋusẽ afia. Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti."

Seja o primeiro