Publicidade

Salmos 77

Asaf ƒe ha na Hɛnɔ Yedutun.

1 Medo ɣli na Mawu be wòaxɔ nam;

medo ɣli na Mawu be wòaɖo tom.

2 Esi meɖo xaxa me la, medi Aƒetɔ la;

le me la, meke nye abɔwo me, gake ɖeɖi mete wo ŋu o,

eye nye luʋɔ gbe akɔfafaxɔxɔ.

3 O! Mawu, meɖo ŋku dziwò, eye meɖe hũu.

Mele ŋeŋem, eye nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Sela

4 Èna nye ŋkuwo gbe miamia;

fuɖeɖewo gbɔ ale gbegbe be

nyemate ŋu aƒo nu o.

5 Mebu gbe aɖe gbe ŋkekewo

kple blemaƒewo ŋu.

6 Tete meɖo ŋku ha siwo medzina le me la dzi.

Nye dzi gbã, eye nye gbɔgbɔ bia be:

7 "Ɖe Aƒetɔ la agbe ame tegbetegbea?

Ɖe magave ame nu akpɔ oa?

8 Ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la tegbetegbea?

Ɖe eƒe ŋugbedodo hena ɣeyiɣiawo katã?

9 Ɖe Mawu ŋlɔ nublanuikpɔkpɔ bea?

Ɖe wòɖo asi eƒe dɔmenyonyo dzi le dɔmedzoe ta?" Sela

10 Tete megblɔ be,

"Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nuɖusi ƒe ƒewo ko maƒo koko na."

11 Maɖo ŋku Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dzi,

ɛ̃, maɖo ŋku nukunu siwo nèwɔ le blema la dzi.

12 Made ŋugble le dɔwɔwɔwo katã ŋu,

eye mabu ta me le nuwɔwɔ dzɔatsuwo ŋu.

13 O! Mawu, mɔwo le kɔkɔe

mawu kae lolo abe míaƒe Mawu la ene?

14 Wòe nye Mawu si nukunuwo,

eye nèɖe ŋusẽ fia le dukɔwo dome.

15 Ètsɔ abɔ sesẽ la ɖe dukɔ la,

ame siwo nye Yakob kple Yosef ƒe dzidzimeviwo. Sela

16 O! Mawu, tsiwo kpɔ ,

tsiwo kpɔ , eye woŋe,

gogloƒewo ke dzo nyanyanya.

17 Lilikpo ɖuɖu tsi bababa,

dziŋgɔli ɖe gbe, eye aŋutrɔwo klẽ dzo bibibi, yi gagbɔ.

18 Wose gbeɖeɖe le yali me,

dzikedzo klẽ ɖe xexea me,

eye anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya.

19 to atsiaƒu me, eye toƒe

le gãwo me, gake womekpɔa afɔteƒe o.

20 Èkplɔ dukɔ abe alẽha ene,

to Mose kple Aron ƒe asiwo dzi.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-