Motivação
Motivação verdadeira vem de Deus. A Bíblia nos inspira a correr a carreira da fé com perseverança, sabendo que o Senhor fortalece, guia e recompensa os fiéis.
Força do alto
Tudo posso naquele que me fortalece. Deus dá poder aos fracos e renova a força dos cansados — Ele é a fonte de toda motivação.
Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.
Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te,
eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.
Nu tia kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã, eye wogbɔdzɔna.
Nenema ke ŋusẽ vɔna le ɖekakpuiwo ŋu,
eye wodzea anyi,
gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la
ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me.
Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene.
Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o.
Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.
Yehowa ƒe nu nyoa ŋunye ŋutɔ,
eye nye luʋɔ le dzidzɔ kpɔm le nye Mawu me,
elabena etsɔ ɖeɖe ƒe avɔwo ta nam,
eye wòtsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya do nam,
abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ ɖoa atsyɔ̃ na eƒe ta,
abe nunɔla ene kple abe ale si ŋugbetɔ ɖoa
atsyɔ̃e kple lekewɔnuwo ene.
elabena Mawue le dɔ wɔm le mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe, eye miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.
Correr para o alvo
Prossigo para o alvo, para o prêmio da soberana vocação de Deus em Cristo Jesus. A corrida da fé exige disciplina e foco.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, nyemebu ɖokuinye be nye asi su edzi o. Ke nu ɖeka si mewɔna lae nye be meŋlɔa nu siwo le megbenye la be, eye mewɔa nye ŋutete ŋuti dɔ be maɖo nu si le ŋgɔnye la gbɔ. Mele dzesiɖoƒe la minyam vevie be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo la be manyi agbe mavɔ ƒe dome.
Ʋiʋli sesĩe na dziɖuɖufetu la xɔxɔ
Ɖe mienyae be ne wole duɖime kem le dusiƒe la, dusilawo katãe kea duɖime, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la oa? Misi du la ale be miaxɔ dziɖuɖufetua. Ame sia ame si di be yeakpɔ gome le hoʋiʋli aɖe me la toa hehexɔxɔ sesẽwo me. Wowɔa esia be woaxɔ dziɖuɖukuku si gblẽna; ke míawo la, míekea duɖime be míaxɔ dziɖuɖukuku magblẽmagblẽ. Eya ta nyemele duɖime kem taɖodzinu manɔsitɔe o, eye nyemele kɔ dam abe ŋutsu si le kɔ dam ɖe yame la ene o, ke boŋ meƒoa nye ŋutilã hewɔnɛ nye kluvie ale be nyemabu dziɖuɖufiakuku la o, le esime wònye nyee gblɔ agbenya la na amewo hafi.
Mawu hea viawo
Eya ta esi ɖaseɖilawo ƒe ha gã aɖe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe mɔxenu ɖe sia ɖe kple nu vɔ̃ si bla mí sesĩe la ɖa, eye mina míake duɖime si woɖo ɖi na mí la kple vevidodo. Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime. Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo si me ŋu, ale be miagagbɔdzɔ, eye dzi naɖe le mia ƒo o.
Mitsɔ kutrikuku kple dzidzɔ wɔ nu sia nu si wòle be miawɔ la, abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na ene, eye menye abe miaƒe anyigbadziƒetɔwo miele ewɔm na ene o,
Propósito e missão
Deus tem planos de esperança para nós. Cada dia é oportunidade de fazer a sua vontade e avançar com confiança na missão.
Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi.
Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti. Ne miebia nane to nye ŋkɔ dzi ko la, mawɔe na mi.
eya ta miyi ɖawɔ amewo le dukɔ ɖe sia ɖe me woanye nye nusrɔ̃lawo; miade mawutsi ta na wo le Fofo la, Vi la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me. Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu."
Misẽ ŋu! Dzi nanɔ mia ƒo! Migavɔ̃ o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la anɔ kpli mi. Mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ mi ɖi hã o."
Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.
Akpe adze anyi ɖe axawò,
eye akpe ewo ɖe wò nuɖusime,
ke wò la, mate ɖe ŋuwò o.
Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo mi. Xexemedukɔwo katã dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu, ke mia Fofo si le dziƒo nya miaƒe hiahiãwo.
Elabena esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míede se sia na mi be, "Ame si medi be yeawɔ dɔ o la, megaɖu nu hã o."
Gake míese be mia dometɔ aɖewo le kuvia wɔm, wogbe be yewomawɔ dɔ aɖeke o, eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi ɖe amenyagbɔgblɔ ŋu. Míele kuku ɖem na ame mawo katã, eye míele gbe ɖem na wo hã le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be woadze kɔ anyi, awɔ dɔ atsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzii. Hena nɔvi lɔlɔ̃ mamlɛawo la, mele nu xlɔ̃m mi be ɖeɖi megate mia ŋuti le nu nyui wɔwɔ me o.