Publicidade

Salmos 91

1 Ame si Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la

agbɔ ɖe eme le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te.

2 Magblɔ na Yehowa be, "Eyae nye nye sitsoƒe kple nye sesẽ,

nye Mawu si ŋu meku ɖo."

3 Vavã, aɖe le xevimɔtrela ƒe

kple dɔvɔ̃ dziŋɔ me.

4 Atsɔ eƒe fuwo atsyɔ dziwò,

àkpɔ sitsoƒe le eƒe aʋala te,

eye eƒe nuteƒewɔwɔ anye akpoxɔnu

kple mɔxenu aƒo xlã .

5 Màvɔ̃ zãmeŋɔdzi alo aŋutrɔ si le ʋɔ lũm le ŋkeke me,

6 dɔvɔ̃ si le tsatsam le viviti me,

alo dɔxɔleameŋu si le nu gblẽm le ŋdɔ la o.

7 Akpe adze anyi ɖe axawò,

eye akpe ewo ɖe nuɖusime,

ke la, mate ɖe ŋuwò o.

8 Ɖeko nàkpɔe kple ŋkuwo,

eye àkpɔ ale si woahe to na ame ̃ɖiwoe.

9 Ne ètsɔ Dziƒoʋĩtɔ la, Yehowa,

ame si nye nye sitsoƒe nɔwòƒee la,

10 ekema dzɔgbevɔ̃e maɖi kpe o,

eye gbegblẽ mate ɖe agbadɔ ŋu o,

11 elabena ade se na eƒe dɔlawo tso ŋutiwò,

be woakpɔ tawò le mɔwo katã dzi.

12 Woakɔ ɖe woƒe asiwo me,

be màtsɔ afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.

13 Àɖo afɔ dzata kple ƒli dzi, eye ànya avuzi

le dzata dziŋɔ kple da ̃ɖi dzi.

14 Yehowa be, "Maɖee, elabena elɔ̃m,

madzɔ eŋu, elabena enya nye ŋkɔ.

15 Ayɔm, eye matɔ ;

manɔ anyi kplii le xaxa me,

maɖee, eye made bubu eŋuti.

16 Matsɔ agbe didi aɖi ƒo ,

eye maɖe nye xɔxɔ afiae."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-