Namoro
O namoro cristão deve ser vivido com sabedoria, pureza e propósito. A Bíblia orienta sobre escolher um cônjuge, guardar o coração e honrar a Deus em todo relacionamento.
Guardar o coração
Sobre tudo o que se deve guardar, guarda o teu coração, porque dele procedem as fontes da vida. O namoro exige vigilância e sabedoria.
Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã,
elabena eyae nye agbe ƒe vudo.
Migade ha kple dzimaxɔsetɔwo o
Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me? Aleke Kristo si nye dzɔdzɔetɔwo ƒe fia kple Abosam si nye nu vɔ̃ wɔlawo ƒe fia la ate ŋu awɔ ɖekae? Eye aleke kristotɔ hã ate ŋu awɔ ɖeka kple dzimaxɔsetɔ?
elabena aleke ame eve ate ŋu
azɔ ɖekae ne womeɖo gbe ɖi o?"
Migana ame siwo gblɔa nya siawo la nado lã mi o. Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔwɔ nyuiwo.
Pureza e santidade
O corpo é templo do Espírito Santo. A Bíblia nos chama a fugir da imoralidade e esperar no amor com paciência e respeito mútuo.
Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔwo koe akpe fu. Nu ka ta va se ɖe fifia hã la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o, elabena Mawu ƒle mi ho gã aɖee. Eya ta miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋu dɔ hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye.
Mia dometɔ aɖewo hã be ele eme be, "Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu" gake menye esia ta wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia ta wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me.
Gake ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be wòaɖe srɔ̃ wu be wòayɔ fũu kple fieŋufieŋu.
Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi:
migaʋuʋu alo mianyɔ lɔlɔ̃ o,
va se ɖe esi eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi.
Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã.
A esposa prudente vem do Senhor
Deus criou o homem e a mulher para completarem-se. A casa e os bens são herança dos pais, mas a esposa prudente vem do Senhor.
Mawu wɔ Eva
Yehowa Mawu gblɔ be, "Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ."
Aƒewo kple kesinɔnuwo nye domenyinu tso dzilawo gbɔ,
ke srɔ̃nyɔnu nyanu ya,
Yehowa gbɔe wòtsona.
Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be mianɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me.