Não temas
'Não temas' é uma das frases mais repetidas na Bíblia. Deus a pronuncia nos momentos de maior temor, lembrando que sua presença e poder são maiores que qualquer ameaça.
Deus está contigo
Não temas, porque eu sou contigo. Deus repete essa promessa em cada crise, guerra e desafio que seus filhos enfrentam.
eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.
Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu.
Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò;
matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.
elabena nyee.
Nye Yehowa, wò Mawu,
ame si lé wò nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na wò be
‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.’
Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob,
O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò."
Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe.
Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Zion,
lia to kɔkɔ aɖe.
Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Yerusalem, kɔ wò gbe dzi nàdo ɣli,
kɔ gbe dzi, mègavɔ̃ o;
gblɔ na Yuda ƒe duwo be,
"Miaƒe Mawue nye esi!"
Ɖe nyemede se na wò be nàse ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo oa? Ŋɔ megadzi wò o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o, elabena Yehowa, wò Mawu la anɔ kpli wò le afi sia afi si nàyi."
Misẽ ŋu! Dzi nanɔ mia ƒo! Migavɔ̃ o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la anɔ kpli mi. Mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ mi ɖi hã o."
Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be,
"Mègavɔ̃ o, Abram,
elabena nyee nye wò akpoxɔnu,
maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò."
Coragem diante do perigo
Não tenhas medo — o Senhor teu Deus está no meio de ti, poderoso para salvar. Ele luta por nós e dá forças aos medrosos.
Gbe ma gbe la,
woagblɔ na Yerusalem be,
"Mègavɔ̃ o, O Zion,
eye mègana wò alɔ nagbɔdzɔ o.
Yehowa wò Mawu la li kpli wò,
kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye.
Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò,
atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò,
eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi."
Elisa gblɔ nɛ be, "Mègavɔ̃ o! Elabena míaƒe aʋakɔ sɔ gbɔ, eye wòtri akɔ wu wo tɔ!"
Tete Elisa do gbe ɖa be, "Yehowa, ʋu nye subɔla ƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu!" Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo eye wòte ŋu kpɔ dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le afi sia afi, le toa dzi.
Nye dukɔ, mègavɔ̃ o;
kpɔ dzidzɔ eye nàtso aseye azɔ
elabena Yehowa wɔ nukunu gãwo na wò.
Ke Yehowa gblɔ nam be, "Mègagblɔ be, ‘Ɖevi ko menye’ o. Ele na wò be nàyi ame sia ame si gbɔ medɔ wò ɖo eye nàwɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò. Mègavɔ̃ na wo o, elabena meli kpli wò be maɖe wò." Yehowae gblɔe.
Gbe ɖeka ƒe zã me la, Mawu ƒo nu na Paulo le ɖeɖefia me be, "Mègavɔ̃ o; nɔ nya la gbɔgblɔ dzi, eye mègazi ɖoɖoe o, elabena meli kpli wò, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o, ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo."
Eye wò la, ame vi, mègavɔ̃ woawo ŋutɔ loo alo woƒe nyawo o, togbɔ be dza kple aŋɔkawo ƒo xlã wò kpe ɖo, eye nèle ahɔ̃wo dome hã. Mègavɔ̃ nya si woagblɔ, eye mègana woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wonye aglãdzelawo hã. Ele be nàgblɔ nye nyawo na wo ne woɖo to loo alo gbe toɖoɖo, elabena aglãdzelawo wonye.
Fé que vence o medo
O medo não vem de Deus. Jesus disse: não temas, crê somente! A fé dissipa o medo e nos conecta ao poder de Deus.
Yesu se nya si wova gblɔ na Yairo, ale wòde dzi ƒo nɛ gblɔ be, "Mègavɔ̃ o, xɔ dzinye se ko."
Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò.
"Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã, ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ɔ, ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me.
Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, "Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ be wòava nɔ gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso.
Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, "Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra wò nukutɔe!
Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, "O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ, elabena nye nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o."