Publicidade

Isaías 41

Israel ƒe kpeɖeŋutɔ

1 "Mi ƒukpowo, mizi ɖoɖoe le ŋkunye me!

Ŋusẽ yeye neɖo dukɔwo ŋu!

Mina woava ŋgɔ hafi woaƒo nu.

Mina miado go le ʋɔnudrɔ̃ƒe.

2 "Ame kae de dzo lãme na ame si tso ɣedzeƒe,

heyɔe le dzɔdzɔenyenye me be wòatsɔ ?

Etsɔ dukɔwo de asi , eye wòfanya fiawo le eŋkume.

Etsɔ eƒe yi wo wozu kewɔ,

eye wòtsɔ eƒe aŋutrɔ wo wozu abe atsa si ya ƒo ene.

3 Eti wo yome, eye wòƒu du to teƒe siwo meto kpɔ o,

gake naneke mewɔe o.

4 Ame kae esia hekpɔ egbɔ be ede go,

eye wòyɔ dzidzimewo tso gɔmedzedzea me ke?

Nye, Yehowa, si kple gbãtɔwo,

eye nenema ke mele kple mamlɛawo , Nyee."

5 Ƒukpowo kpɔe, eye wovɔ̃.

Anyigba ƒe mlɔenuwo dzo kpekpekpe,

woƒo ƒu, eye wozɔ ɖe ŋgɔgbe;

6 ɖe sia ɖe kpe ɖe nɔvia ŋu,

eye wogblɔ na wo nɔewo be, "dzi ɖe ƒo."

7 Aɖaŋudɔwɔla de dzi ƒo na sikanutula,

ganutrela de dzi ƒo na zudala.

Egblɔ tso nu si wotre la ŋu be, "Wotree nyuie."

Tete wòƒo gatagbadzɛ ɖe aklamakpakpɛ la be magaʋã o.

8 "Ke , Israel, nye dɔla, Yakob, ame si metia.

Mi, ̃nye, Abraham ƒe dzidzimeviwo.

9 , ame si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo,

meyɔ tso eƒe dzogoewo dzi ke.

Megblɔ be, Nye dɔlae nènye.

Metia , eye nyemegbe o,

10 eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli .

Ŋɔ megadzi o, elabena nyee nye Mawu.

Mali ke , eye makpe ɖe ŋuwò;

matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé ɖe te.

11 "Kpɔɖa, ŋukpe kple vlododo ava

ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi,

ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la atsrɔ̃,

eye wo nu ava ayi.

12 Àdi ketɔwo, gake màkpɔ wo o.

Ame siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la azu tofloko ƒe tofloko,

13 elabena nyee.

Nye Yehowa, Mawu,

ame si nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na be

Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.

14 Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob,

O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò."

Yehowa, Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe.

15 "Kpɔ ɖa, matsɔ awɔ luƒomɔ yeye ɖaɖɛ si

ƒe aɖuwo gbɔ fũu.

Àfanya towo, agbã wo gudugudu,

eye àwɔ togbɛwo woazu fufu.

16 Àgbɔ wo, ya aƒo wo adzoe,

eye ahomuya alɔ wo ɖe nu,

ke ya, àdzɔ dzi ɖe Yehowa ŋu,

eye àtso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.

17 "Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim,

ke womekpɔ ɖeke o.

Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta.

Ke nye Yehowa, matɔ na wo;

nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o.

18 Mana tɔsisiwo nasi ato to ƒuƒluwo tame,

eye tometsiwo nasi to balimewo.

Mana gbegbewo nazu tɔʋuwo,

eye kuɖiɖinyigba nazu tsidzɔƒewo.

19 Mana sedati, logoti,

gboti kple amiti namie ɖe gbegbe,

eye mana xeti, fɔfɔli,

kple sesewu namie ɖe dzogbe.

20 Ale be amewo nakpɔe, anyae,

abu eŋu, eye woase egɔme be,

Yehowa ƒe asie esia, eye Israel ƒe

Kɔkɔetɔ lae na wòva eme."

21 Yehowa be, "Ɖe nyawo to.

Ƒo nu le nya siwo nètsɔ la ŋu." Yakob ƒe fia lae gblɔe.

22 "Mitsɔ miaƒe legbawo ne

woava agblɔ nu si ava dzɔ la na .

Migblɔ nu siwo anyi tsã la na be

míabu wo ŋuti, eye míanya woƒe metsonu

alo migblɔ nu siwo ava dzɔ la na .

23 Nya kae le etsɔ si na ne

mianya be mawuwoe mienye.

nane, eɖanye nyui alo ̃,

ale be míaƒe mo nawɔ yaa, eye vɔvɔ̃ naɖo .

24 Ke miele naneke me o,

eye miaƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me kura o.

Ame si tia mi la zu ŋunyɔnu.

25 "Menyɔ ame aɖe tso anyiehe

eye wòle dzi gbɔna.

Ame si tso afi si ɣe dzena tsoe,

eye wòyɔa nye ŋkɔ.

Ame si fanya dziɖulawo abe anyi ene,

efanya wo abe zemelae le anyi nyam ene.

26 Ame kae ƒo nu tso ame sia ŋuti tso gɔmedzedzea,

ne mienyae do ŋgɔ,

ne miate ŋu agblɔ be, Eƒe nya dzɔ?

Ame aɖeke megblɔ esia o.

Ame aɖeke megblɔe da ɖi o;

ame aɖeke mese nya aɖeke tso gbɔwò o.

27 Nyee nye ame gbãtɔ si gblɔe na Zion be,

Kpɔ ɖa, wole afii!

Meɖo nyanyuigblɔla ɖe Yerusalem.

28 Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli o,

ame aɖeke mele wo dome aɖo aɖaŋu o.

Ame aɖeke mele wo dome aɖo nya

si mebia wo la ŋu nam o.

29 Kpɔ ɖa, wo katã wonye tofloko!

Woƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me o.

Woƒe legbawo nye ya

kple tofloko ko.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-