A paixão de Cristo
A paixão de Cristo é o ato de amor supremo da história. Jesus sofreu voluntariamente a cruz, carregando os pecados da humanidade para nos dar vida eterna.
O caminho da cruz
Jesus sabia o que o aguardava. Mesmo em agonia, submeteu-se à vontade do Pai e caminhou resolutamente para o Calvário.
Yesu ƒo nu tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi gbãtɔ
Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo be, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.
Ale wògblɔ na wo be, "Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ, eye nye dzi le nu xam heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia, eye mianɔ ŋudzɔ kplim."
Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la,
ebɔbɔ eɖokui,
ɖo to yi ɖase ku me,
yi ɖase atitsogaŋutiku me ke!
Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me, ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Abosam, eye wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me.
O sacrifício voluntário
Ninguém tirou a vida de Jesus — Ele a deu voluntariamente. Ele veio para servir e dar a sua vida em resgate por muitos.
"Fofonye lɔ̃m, elabena metsɔ nye agbe ɖo anyi be magaxɔe. Ame aɖeke mate ŋu axɔe le asinye o. Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ."
elabena Amegbetɔ Vi la meva be ame aɖeke nasubɔ ye o. Ke boŋ be wòasubɔ amewo, eye be yeatsɔ yeƒe agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta."
Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe, eye yewoatso kufia nɛ, gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o.
Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be: Esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.
Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome.
"Elabena mewɔ vɔ̃ aɖeke o,
eye womekpɔ alakpa aɖeke le eƒe nu me o."
Esi wodzui la, meɖo eŋu o, esi wòkpe fu la, meƒo fi de ame o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ.
Amewo do vloe, eye wogbee.
Ŋutsu si dzi vevesese kple fukpekpe le la wònye.
Ele abe ame si ta amewo tsɔ nu tsyɔ ŋkume ɖo la ene.
Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o.
Ke le nyateƒe me la, eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo,
eye wòde ta míaƒe vevesesewo te,
gake míebui abe ame si Mawu ƒo,
eye wòtsɔ fukpekpewo da ɖe edzi la ene.
Ke woƒo nu ɖee le míaƒe dzidadawo ta.
Wogbãe gudugudu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.
Tohehe si he ŋutifafa vɛ na mí la le eya amea dzi,
eye eƒe abi siwo wòxɔ la yɔ dɔ mí.