Proximidade
Deus é próximo dos que o buscam. Ele não é um Deus distante, mas presente, íntimo e acessível a todo o que o invoca com sinceridade de coração.
Buscar a presença de Deus
A Bíblia nos exorta a buscar a face do Senhor continuamente. Quem se aproxima dele encontra plenitude de alegria e delícias perpétuas.
Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,
midi eƒe ŋkume ɖaa.
Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,
Midi eƒe ŋkume ɖaa.
Midi Yehowa zi ale si miate ŋu ake ɖe eŋu.
Miyɔe zi ale si wòtsɔ ɖe mia gbɔ.
Nu ɖeka mebia Yehowa,
esiae nye be manɔ Yehowa ƒe aƒe me
le nye agbemeŋkekewo katã me,
ne malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu,
eye madii le eƒe gbedoxɔ me.
Ŋkeke ɖeka le wò xɔxɔnu nyo wu akpe le afi aɖe;
enyo be manye agbonudzɔla
le Mawu ƒe aƒe me wu be manɔ
ame vɔ̃ɖi ƒe agbadɔ me,
Èna menya agbemɔ la;
àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me,
eye matsɔ vivisese si mevɔna o la
anɔ wò nuɖusime tegbee.
Deus está perto
O Senhor está perto dos que o invocam, dos quebrantados de coração e dos que clamam por socorro. Sua presença nos sustenta.
Ame dzɔdzɔewo do ɣli,
Yehowa see, eye wòɖe wo le woƒe xaxawo katã me.
Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ,
eye wòɖea ame siwo ƒe gbɔgbɔ wogbã ƒu anyi.
Mina ame sia ame nade dzesi miaƒe tufafa. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo.
Gake azɔ la, mienye Kristo Yesu tɔ, eye togbɔ be mienɔ adzɔge ke tsã tso Mawu gbɔ hã la, azɔ wokplɔ mi va egbɔe, to Yesu Kristo ƒe ʋu la me.
Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme
le nye agbemeŋkekewo katã me,
eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa.
A presença que nunca abandona
Deus promete nunca nos deixar. Ele permanece fiel, está conosco em todo tempo e envia o Espírito para habitar em nossos corações.
Nye la, nyemagblẽ mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ.
Yehowa, míaƒe Mawu la nanɔ kpli mí abe ale si wònɔ kple mía fofowo eye megblẽ mí ɖi gbeɖegbeɖe o la ene.
Ke le wò amenuveve sɔ gbɔ la ta la, mètsrɔ̃ wo keŋkeŋ alo gble wo ɖi o. Mawu amenuvetɔ kple dɔmenyotɔ gãe nènye!
Ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana eƒe ŋutifafa mi ɣe sia ɣi le nu sia nu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã.
Mlɔeba la, nɔviwo, midze agba be mianɔ agbe nyuie. Miɖo to nya siwo katã megblɔ na mi. Minɔ anyi le ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me, eye ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ƒe Mawu la nanɔ anyi kpli mi.
Míenyae bena míele agbe le eya amea me, eye eya hã le mía me, elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ de mía me.
Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si nye Via ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nɔ anyi ɖe Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.
Mose yi ɖanɔ toa dzi kple Yehowa ŋkeke blaene kple zã blaene. Meɖu naneke alo no naneke le ŋkeke siawo me o. Le ɣeyiɣi sia me la, Mawu ŋlɔ nubabla la me nya siwo nye Se Ewoawo la ɖe kpe kpakpɛ eveawo dzi.
Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu, eye miɖe gbeƒã na wo be, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’
Mawu ƒe Gbɔgbɔ va Azaria, Obed ƒe vi dzi eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, "Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya hã agbugbɔ le mia yome. Hena ɣeyiɣi didi aɖe le Israel la, nyateƒe Mawu la subɔsubɔ meganɔ anyi o eye nunɔla aɖeke hã meganɔ anyi afia nu ameawo o. Nenema ke se la hã meganɔ anyi o gake ɣe sia ɣi si wogatrɔ va Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ le woƒe fukpeɣiwo me eye wodii la, egakpena ɖe wo ŋu. Ŋutifafa aɖeke menɔ anyi esime wodze aglã ɖe Mawu ŋu o. Nuwo kpeke wo le go ɖe sia ɖe me eye nu vɔ̃ wɔwɔ nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi le afi sia afi. Aʋawɔwɔ nɔ edzi yim le woawo kple dukɔ bubuwo dome eye aʋawɔwɔ ganɔ Israel duwo ɖeɖe hã dome elabena Mawu nɔ fukpekpe ƒomevi vovovowo dam ɖe wo dzi. Ke mi Yuda ƒe viwo la, milé dɔ nyui si wɔm miele la me ɖe asi eye migana dzi naɖe le mia ƒo o elabena fetu li na mi."
Esi Fia Asa se nya sia tso Mawu gbɔ la, dzi ɖo eƒo eye wògbã legbawo katã le Yuda kple Benyamin kple du siwo wòxɔ le Efraim ƒe tonyigba dzi la me. Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ.
Tete wòƒo Yuda kple Benyamin katã nu ƒu, nenema kee nye ame siwo tso Efraim, Manase kple Simeon ƒe towo me, ame siwo nɔ wo dome. Ameha gã aɖe do va egbɔ tso Israel esime wokpɔ be Yehowa, eƒe Mawu la li kplii. Wova ƒo ƒu ɖe Yerusalem le ɣleti etɔ̃lia me le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me. Le ɣe ma ɣi me la, wotsɔ nyi alafa adre (700), gbɔ̃ kple alẽ akpe adre (7,000) tso afunyinu siwo woha gbɔe la me, sa vɔe na Yehowa. Wobla nu be woadi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la kple woƒe dzi blibo kpakple woƒe luʋɔ blibo. Woawu ame siwo katã medi Yehowa, Israel ƒe Mawu la o; eɖanye ɖevi alo ametsitsi o, ŋutsu alo nyɔnu o. Woka atam na Yehowa kple ɣlidodo sesĩe kple kpẽwo kple lãdzowo kuku. Yuda blibo la kpɔ dzidzɔ ɖe atam si woka la ta elabena woka atam la kple woƒe dzi blibo. Wodi Mawu vevie eye woke ɖe eŋu eya ta Yehowa hã na gbɔɖeme wo le goawo katã me.
Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa lã ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me. Togbɔ be megbã nuxeƒewo ɖa le Israel o hã la, Asa ƒe dzi nɔ Yehowa ŋu blibo le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa kɔ la va Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Ale aʋa aɖeke megadzɔ o va se ɖe Fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-atɔ̃lia me.