Purificação
A purificação é um tema central na Bíblia. Deus nos chama a sermos limpos — não apenas externamente, mas no coração, na mente e em toda a conduta de vida.
Purificados pelo sangue de Cristo
O sangue de Jesus nos purifica de todo pecado. Sua morte na cruz é o sacrifício perfeito que nos torna limpos diante de Deus.
Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.
Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti.
ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.
Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.
Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la.
Purificação interior
Deus cria em nós um coração puro. A purificação começa no interior — nos pensamentos, intenções e motivações do coração.
O! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam,
eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye.
O! Mawu, kpɔ nye nublanui le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.
Le wò dɔmenyo sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa.
Klɔ nye vodadawo katã ɖa, eye nàle tsi nam
ŋunye nakɔ tso nye nu vɔ̃wo me.
Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me.
Paulo ƒe dzidzɔ
Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina míadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ, eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye le etsɔ megbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene. Ame siwo katã le mɔkpɔkpɔ me alea la wɔa wo ɖokuiwo dzadzɛe abe ale si eya hã le dzadzɛe ene.
Lavados pela Palavra
A Palavra de Deus e o batismo nos purificam. Jesus disse: 'Vós já estais limpos pela palavra que vos tenho falado.'
Miawo la, mia ŋu kɔ xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta.
Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si Kristo lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe eta, be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me,
Azɔ ɣeyiɣigbegblẽ aɖeke megali o. Ɖeko woade mawutsi ta na wò, aklɔ wò nu vɔ̃wo ɖa le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’
Ke tsiɖɔɖɔ la nye mawutsideta si miexɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesi, ke menye ɖikɔklɔ le ŋutigbalẽ ŋu wònye o, ke boŋ adzɔgbeɖeɖe be woatsɔ dzitsinya nyui atrɔ ɖe Mawu ŋu. Mawu sia ɖe mi to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,
"Mile tsi ne mia ŋuti nakɔ.
Miɖe miaƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖa le nye ŋkume!
Midzudzɔ vɔ̃wɔwɔ,
Egagblɔ be, "Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame, elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fieŋuifieŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo. Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me, eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miado ɖe Mawu ŋkume o."