Raiva
A raiva é uma emoção humana que a Bíblia trata com seriedade. Irar-se não é pecado em si, mas a ira descontrolada destrói relacionamentos e abre porta para o mal.
Controlar a ira
A Bíblia nos exorta a ser tardios para irar-se. A resposta branda desvia o furor, e o que se controla é mais forte que um guerreiro.
Nya la sese kple edziwɔwɔ
Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dɔmedzoedodo me,
Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu,
ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana.
Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si,
ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la,
ɖea eƒe bometsitsi fiana.
Bometsila ɖea eƒe dziku katã fiana,
ke nunyala ɖua eɖokui dzi.
Bometsila ɖea eƒe dziku fiana zi ɖeka,
ke nunyala doa toku dzudzu.
Irar-se sem pecar
Paulo ensina: irai-vos, mas não pequeis. Não deixe o sol se pôr sobre a vossa ira, para não dar lugar ao diabo.
Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o. Mègana mɔnukpɔkpɔ Abosam o.
Bubu wònye na ŋutsu ne eƒo asa na dzre
gake bometsila ɖe sia ɖe wɔa dzre kabakaba.
Dzre sɔŋ ko dada hena vɛ,
ke nunya tsoa aƒe ɖe ame siwo sea aɖaŋu la gbɔ.
Amor e perdão acima da raiva
O amor cobre multidão de pecados. A Bíblia nos chama a não alimentar rancor, mas a perdoar e amar, vencendo a raiva com compaixão.
Fuléle hea mama vɛ,
gake lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.
Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi blewuu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ mebiã ŋu hã o; meƒoa adegbe o, eye medana o. Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi o, media eɖokui tɔ o, eye mefiaa amemabumabu hã o. Lɔlɔ̃ mebiaa dzi o, meléa ehavi ɖe dɔ me o, eye medea dzesi nu vɔ̃ siwo amewo wɔ ɖe eŋu ɖi o.
" ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene.
" ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa.
Egagblɔ be, "Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame, elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fieŋuifieŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo. Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me, eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miado ɖe Mawu ŋkume o."
Nɔvinyewo, mikpɔ egbɔ be dzi si me nu vɔ̃ le kple dzi maxɔse si trɔna le Mawu gbagbe la yome la naganɔ mia dometɔ aɖeke si o.
"Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a,
eye nyɔnu la dzo ɖaɖe ŋutsu bubu ɖe,
ɖe wòle be ŋutsu gbãtɔ nagatrɔ ayi ɖe nyɔnu la gbɔa?
Ɖe womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la keŋkeŋ oa?
Ke wò la, ènɔ agbe abe gbolo ene kple lɔlɔ̃tɔ geɖewo.
Ɖe nàtrɔ ava gbɔnye azɔa?"
Yehowae gblɔe.
"Wu mo dzi ɖe to ƒuƒluwo ŋu eye nàkpɔ ɖa.
Teƒe aɖe li si womedɔ kpli wò le oa?
Ènɔ anyi ɖe mɔto henɔ ŋutsuwo lalam.
Ènɔ anyi abe Arabiatɔwoe nɔ anyi ɖe gbegbe ene.
Ètsɔ wò gbolowɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi do gu anyigba la.
Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi
eye kelemetsi gɔ̃ hã medza o.
Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wò
eye ŋu gbe wò kpekpe.
Menye fifi laa koe nèyɔm be,
‘Fofonye kple xɔ̃nye, tso nye ɖekakpuime ke’ oa?
‘Ɖe nàkpɔ dziku ɖaa?
Ɖe wò dɔmedzoe helĩhelĩ anɔ anyi tegbea?’
Aleae nèƒoa nu gake hewɔa nu tovo
siwo katã nàte ŋui."
Israel nuteƒemawɔla
Esi Fia Yosia nɔ fia ɖum la, Yehowa gblɔ nam be, "Èkpɔ nu si Israel nuteƒemawɔla la wɔa? Eyi ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi eye wòyi ɖe ati dama ɖe sia ɖe te hewɔ ahasi le afi ma. Mebui be esi wòwɔ esiawo katã vɔ la, atrɔ ava gbɔnye gake mewɔe o eye nɔvia nyɔnu godzela, Yuda hã kpɔe. Metsɔ srɔ̃gbegbalẽ na nuteƒemawɔla Israel henyae ɖe eƒe ahasiwɔwɔwo katã ta, gake mekpɔ be nɔvia godzela Yuda mevɔ̃ o; eya hã yi ɖawɔ ahasi. Esi Israel ƒe ŋunyɔnuwɔwɔ nye nu tsɛ aɖe ko le eya gbɔ ta la, edo gu anyigba la eye wòwɔ ahasi kple ati kple kpe. Le esiawo katã megbe hã la, nɔvia nyɔnu, Yuda, godzela, metrɔ va gbɔnye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu." Yehowae gblɔe.
Yehowa gblɔ nam be, "Nuteƒemawɔla Israel le dzɔdzɔe wu Yuda, godzela la. Yi, nàɖe gbeƒã nya sia ɖo ɖe anyiehe gome. Yehowa be,
" ‘Xɔsemanɔsitɔ Israel trɔ gbɔ.
Nyemagahe nya ɖe ŋuwò azɔ o
elabena nublanuikpɔlae menye
eye nyemado dziku tegbee o.’ Yehowae gblɔe.
‘Wò ya, dze si wò vodada
elabena èdze aglã ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu;
ètsɔ wò nunyonamewo ma na dzromawuwo
le ati dama ɖe sia ɖe te eye mèɖo tom o.’ "
Yehowae gblɔe.
Yehowa be, "Mi xɔsemanɔsitɔwo, mitrɔ gbɔ, elabena nyee nye mia srɔ̃. Matia mi, ame ɖeka tso du ɖe sia ɖe me, ame eve tso to ɖe sia ɖe me ahaƒo ƒu mi ɖe Zion. Ekema mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi ƒe didi nu, ame siwo akplɔ mi le nunya kple nugɔmesese me. Le ŋkeke mawo me, ne miedzi ɖe edzi fũu le anyigba dzi la, amewo magagblɔ azɔ be, ‘Yehowa ƒe nubablaɖaka o. Mage ɖe woƒe susu me alo woaɖo ŋku edzi o; womagabia eta ase alo awɔ bubu o.’ Yehowae gblɔe. Le ɣe ma ɣi la, woayɔ Yerusalem be, Yehowa Ƒe Fiazikpui eye dukɔwo katã aƒo ƒu ɖe Yerusalem be woade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Womagadze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tamesesẽ yome o. Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ƒe aƒe awɔ ɖeka kple Israel ƒe aƒe la eye wo kple eve la woatso dzigbemenyigba aɖe dzi ava, anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye woƒe domenyinu."
Yehowa be, "Nye ŋutɔe gblɔ be,
" ‘Matsɔ dzidzɔ alé be na mi abe viŋutsuwo ene
eye matsɔ anyigba nyui aɖe ana mi, domenyinu nyuitɔ kekeake
si dukɔ aɖe ate ŋu akpɔ.’
Mebu be miayɔm be, ‘Fofonye’
eye miatrɔ le yonyeme o.
Gake, abe nyɔnu si meto nyateƒe na srɔ̃a o ene la,
nenemae miawo hã mieto nyateƒe nam o, O Israel ƒe aƒe."
Wose avi le to ƒuƒluwo dzi,
Israelviwo ƒe avifafa kple kokoƒoƒoe
elabena woglɔ̃ woƒe mɔwo
eye woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be.
"Mitrɔ gbɔ, mi megbedelawo,
mayɔ dɔ mi tso miaƒe megbedede me."
"Ɛ̃, míava gbɔwò,
elabena wòe nye Yehowa,
míaƒe Mawu.
Vavãe, legbasubɔsubɔ ƒe hoowɔwɔ le togbɛwo dzi
kple towo tame nye beble sɔŋ ko.
Enye nyateƒe be Yehowa,
míaƒe Mawu lae nye Israel ƒe xɔnametɔ.
Tso míaƒe ɖekakpuime ke,
ŋukpenamawuwo ɖu mía fofowo
ƒe agbagbadzedze ƒe kutsetsewo,
woƒe alẽhawo, woƒe nyihawo,
wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo.
Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me
eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi.
Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa,
míaƒe Mawu la ŋu,
míawo kple mía fofowo siaa,
tso míaƒe ɖekakpuime va se ɖe egbe sia,
míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o."