Santidade
A santidade é o chamado supremo de Deus para o seu povo. 'Sede santos, porque eu sou santo' — essa ordem ressoa por toda a Escritura, convidando-nos a uma vida separada para Deus.
O chamado à santidade
Deus nos escolheu antes da fundação do mundo para sermos santos. A santificação é sua vontade expressa e nosso destino em Cristo.
ke boŋ abe ale si ame si yɔ mi la le kɔkɔe ene la, miawo hã minɔ kɔkɔe le nu sia nu si miewɔna la me, elabena woŋlɔ ɖi be, "Minɔ kɔkɔe elabena nye la mele kɔkɔe."
ke boŋ abe ale si ame si yɔ mi la le kɔkɔe ene la, miawo hã minɔ kɔkɔe le nu sia nu si miewɔna la me, elabena woŋlɔ ɖi be, "Minɔ kɔkɔe elabena nye la mele kɔkɔe."
Etia mí le eya amea me hafi wɔ xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume.
Elabena enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be mianɔ kɔkɔe; ate ɖa xaa tso ahasiwɔwɔ gbɔ, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ ale si wòaɖu eƒe ŋutilã dzi, eye wòanɔ anyi kple srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me, ke menye kple fieŋuifieŋui ƒe dzodzro vɔ̃wo, abe ale si trɔ̃subɔla siwo menya Mawu kple eƒe mɔwo o la wɔnɛ ene o. Esia hã nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be ame aɖeke magaba nɔvia, axɔ srɔ̃a le esi gbeɖegbeɖe o, elabena Aƒetɔ la ahe to na mi nublanuimakpɔmakpɔtɔe ɖe nu vɔ̃ sia ta, abe ale si míegblɔe na mi kple ɖokuibɔbɔ va yi la ene. Elabena Mawu meyɔ mí be míava nye ame ƒoɖi siwo yɔ fũu kple dzodzro vɔ̃wo o, ke boŋ be míanye ame dzadzɛwo kple ame kɔkɔewo.
Eyae ɖe mí, eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo Yesu dzi.
O Deus santo
O Senhor é santo em toda a sua natureza. O universo testemunha sua santidade, e os anjos proclamam: Santo, Santo, Santo.
Ke wò la, èle kɔkɔe, eye Israel ƒe kafukafuhawo zu
fiazikpui nènɔ anyi ɖe edzi gli.
"Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o!
Bubu aɖeke megali o kpe ɖe ŋutiwò o.
Eye Agakpe aɖeke meli abe míaƒe Mawu ene o.
elabena ale ame si nye gã,
eye wòkɔ wu nuwo katã,
ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe
nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi,
"Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe,
gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee,
eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be
magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la
ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe
ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.
Ale maɖe nye gãnyenye kple kɔkɔenyenye afia, eye mana woanyam le dukɔ geɖewo me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa."
Mafia nye ŋkɔ gã la ƒe kɔkɔenyenye si wodo gui le dukɔwo dome, ŋkɔ si miedo gui le wo dome. Ekema dukɔawo anya be nyee nye Yehowa, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to mia dzi le woƒe ŋkume.
A prática da santidade
A santidade se expressa em pensamentos puros, ações corretas e separação do pecado. É um processo contínuo de purificação e dedicação a Deus.
Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenye manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o.
Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenye manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o.
Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina míadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ, eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe.
Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina míadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ, eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe.
Ke azɔ esi woxɔ mi tso nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu Mawu ƒe kluviwo la, miekpɔa viɖe hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la nye agbe mavɔ.
Mele gbe sia gbe ƒe nudzɔdzɔwo ƒe kpɔɖeŋuwo zãm le nu ƒom na mi ɖe miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta. Elabena zi ale si mietsɔ mia ɖokuiwo wɔ kluviwo na makɔmakɔnyenye kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye tsã la, nenema ke azɔ la, mitsɔ mia ɖokuiwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.
Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.
Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame siwo dea mama amewo dome, nana amewo ƒe xɔse trana, eye wofiaa nu siwo tsi tsitre ɖe nu siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o.
Migaɖe mɔ na ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ŋukeklẽ be woanɔ mia me o, elabena agbenɔnɔ siawo menyo na Mawu ƒe ame kɔkɔewo o.
Migaɖe mɔ na ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ŋukeklẽ be woanɔ mia me o, elabena agbenɔnɔ siawo menyo na Mawu ƒe ame kɔkɔewo o.
Wofia nu mi ku ɖe miaƒe agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, be miaɖe asi le agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, agbe si le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi, to eƒe beblenudzodzrowo me. Ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee, eye mianɔ agbe yeye si wowɔ wòle abe Mawu ene le dzɔdzɔenyenye vavã kple kɔkɔenyenye me.
Ehe ŋutifafa sia vɛ na mi, ame siwo nɔ adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la hã. Tsã la, mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui, eye miaƒe susu vɔ̃wo kple vɔ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã, gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe exɔlɔ̃wo ene. Kristo wɔ esia to eƒe ku me abe amegbetɔ ene, hekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe, eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o. Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo.
A Palavra que santifica
Jesus disse: 'Santifica-os na verdade; a tua palavra é a verdade.' A Bíblia é o instrumento de Deus para nos purificar e transformar.
Kɔ wo ŋu kple nyateƒe la, elabena wò nya la nye nyateƒe.
Aleke ɖekakpui awɔ,
be eƒe mɔ dzi nanɔ dzadzɛe ɣe sia ɣi?
To agbenɔnɔ ɖe wò nya la nu mee.
Dzro menye, o Mawu, eye nànya nye dzi;
dom kpɔ, eye nànya nye susu si tsi dzodzodzoe.
Kpɔe ɖa be mɔtatra aɖe le menye hã,
eye nàkplɔm to mɔ mavɔtɔ la dzi.
O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa;
nu siwo katã le menye la,
mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.
Templo do Espírito Santo
Nosso corpo é templo de Deus. Devemos honrá-lo com santidade, guardando mente e coração e buscando a semelhança com Cristo.
Ɖe mienyae be Mawu ƒe xɔe mienye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me oa?
Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene.
Mina susu ma ke si nɔ Kristo Yesu hã me la nanɔ miawo hã mia me.
Azɔ ne nuxɔxlɔ̃ aɖe li le Kristo me, ne lɔlɔ̃ ƒe dzideƒonya aɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe hadede aɖe li, ne dɔmetɔtrɔ aɖe kple nublanuikpɔkpɔ aɖe li la, ekema mina makpɔ dzidzɔ vavãtɔ to miaƒe taɖodzinu ɖeka kple mia nɔewo lɔlɔ̃ me; eye mitsɔ gbɔgbɔ ɖeka kple susu ɖeka wɔ dɔe aduadu.
Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi. Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.
Mina susu ma ke si nɔ Kristo Yesu hã me la nanɔ miawo hã mia me.
Ame si, esi wònye be Mawu ƒe nɔnɔme mee wònɔ hã la,
mebui be yesɔ kple Mawu o,
ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do,
eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me.
Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la,
ebɔbɔ eɖokui,
ɖo to yi ɖase ku me,
yi ɖase atitsogaŋutiku me ke!
Eya ta Mawu doe ɖe dzi yi ɖase teƒe kɔkɔtɔ kekeake,
eye wòtsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta la nɛ.
Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, ame sia ame,
adze klo nɛ le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te,
eye aɖe sia aɖe aʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ,
hena Mawu Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe.
Esia ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, abe ale si mienye sedziwɔlawo ene, esi menɔ mia gbɔ la, ele be miagalé seawo dzi wɔwɔ me ɖe asi sesĩe wu, esi nyemegale mia gbɔ o. Miwɔ miaƒe xɔxɔkpɔkpɔ ŋu dɔ le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, elabena Mawue le dɔ wɔm le mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe, eye miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.
Miwɔ nu sia nu liʋĩliʋĩlilĩ kple nyahehe manɔmee, ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene, eye migblɔ Agbenya la na wo, be mate ŋu aƒo adegbe le Kristo ƒe vavagbe be nyemewɔ dɔ vlo o.
Ekema nenye be Kristo gava la, makpɔ dzidzɔ gã aɖe be nyemewɔ dɔ si meɖe vi aɖeke o. Eye nenye be wokɔ nye ʋu ɖi abe nunonovɔsa ene na Mawu ɖe miaƒe xɔse ta hã la, anye dzidzɔ nam, eye makpɔ dzidzɔ kpli mi. Eya ta miawo hã, mikpɔ dzidzɔ kplim.
Mele mɔ kpɔm be ne Aƒetɔ Yesu lɔ̃ la, maɖo Timoteo ɖa be wòava kpɔ mi ɖa kpuie. Ekema ne etrɔ gbɔ la, nu siwo wòava gblɔ nam tso nu siwo katã wɔm miele kple ale si miele dɔa dzii ŋu la, ana dzi nagaɖo ƒonye. Ame aɖeke megali si tsɔ ɖe le miaƒe nya me le nyateƒe me wu Timoteo o. Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti, eye menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene. Ke mienya Timoteo nyuie. Ɖe wòle nam abe vi ene, eye wòwɔa dɔ kplim le nyanyui la gbɔgblɔ me. Mele mɔ kpɔm be maɖoe ɖe mi kpuie; mekpɔ nu siwo le dzɔdzɔm ɖe dzinye la gbɔ vɔ. Eye mele dzi ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu be ana be nye ŋutɔ hã mava kpɔ mi ɖa kpuie.
Le ɣeyiɣi sia me la, mebui be enyo be magbugbɔ nɔvinye Epafrodito aɖo ɖe mi. Ezu nɔvinye, nye dɔwɔhati, asrafo, ame si nye miaƒe dɔla si mieɖo ɖa be wòana kpekpeɖeŋum le nye hiahiãwo me la. Azɔ la, megbugbɔe le ɖoɖom ɖe mi, elabena ele mia susum, eye esi miese be edze dɔ la, ele nu xam. Le nyateƒe me la, edze dɔ, eye wòku kloe, gake Mawu kpɔ nublanui na nye kplii siaa, be metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o.
Eya ta metsi dzi vevie be maɖoe ɖe mi, eye ne miegakpɔe la, miakpɔ dzidzɔ, eye esia aɖe nye nuxaxawo dzi kpɔtɔ. Mido dzaa nɛ le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ gã aɖe eye miɖe miaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae, elabena eƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me ɖe Kristo ƒe dɔ la ta, eye wòku kloe le esime wònɔ agbagba dzem be yeawɔ nu siwo miete ŋu wɔ nam o la, ɖe ale si miele adzɔge le gbɔnye ta.
Eya ta mizu blibo abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene."
Ɣe bubu ɣi la, Yesu bia ameawo be, "Ame kae se kpɔ be ame aɖe si akaɖi, eye wòtsɔ nu tsyɔ edzi be megaklẽ o. Gbeɖe, akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ be amewo nakpɔ nu.
Midi nyui, miasi le vɔ̃ nu ne mianɔ agbe!
Ekema Yehowa,
Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
anye kpeɖeŋutɔ vavã na mi abe ale si
miawo ŋutɔ miegblɔ la ene.
"Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze
eye sidzedze Kɔkɔetɔ la nye gɔmesese
Mɔ wònye na ame ne ekɔ nane ŋu tamemabumabutɔe
eye emegbe hafi wòva bu adzɔgbe si wòɖe la ŋuti.
Ele be mianye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la, kɔkɔetɔe menye, eye meɖe mi ɖe aga tso dukɔ bubuwo me tɔwo katã gbɔ be mianye tɔnyewo.
Ele be mianye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la, kɔkɔetɔe menye, eye meɖe mi ɖe aga tso dukɔ bubuwo me tɔwo katã gbɔ be mianye tɔnyewo.
" ‘Eya ta mikɔ mia ɖokuiwo ŋu, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
Midzi ha na Mawu,
midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ,
mido ame si le lilikpowo dzi gbɔna la ɖe dzi,
eŋkɔe nye Yehowa, eye mitso aseye le eŋgɔ;
eya ame si nye tɔ na tɔmanɔsitɔwo,
ahosiwo ta ʋlila, eye wònye Mawu si le enɔƒe kɔkɔe la.