A segunda vinda de Cristo
A segunda vinda de Cristo é a esperança suprema da Igreja. Jesus prometeu que voltará com poder e grande glória para julgar os vivos e os mortos e estabelecer seu Reino eterno.
A promessa do retorno
Jesus prometeu voltar. Os anjos declararam que Ele virá da mesma forma como ascendeu. A Igreja aguarda esse dia glorioso com expectativa.
Ame eve siawo gblɔ na wo bena, "Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene."
Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa. Ame eve siawo gblɔ na wo bena, "Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene."
Yesu fa akɔ na eƒe nusrɔ̃lawo
Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, "Migana vɔvɔ̃ naɖo mi, eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se. Fofonye ƒe aƒe me la, xɔ geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be, mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma.
Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ be, "Ɛ̃, megbɔna kpuie."
Amen. Va, Aƒetɔ Yesu.
Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ be, "Ɛ̃, megbɔna kpuie."
Amen. Va, Aƒetɔ Yesu.
"Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia ame le nu si wòwɔ la nu.
Os sinais dos tempos
Jesus descreveu os sinais que precederão sua volta: falsos profetas, guerras, fome, terremotos e tribulação. Devemos discernir os tempos sem nos alarmar.
Fukpekpewo ƒe gɔmedzedze
Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, "Aƒetɔ, ɣe ka ɣi nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexea me ƒe nuwuwu?"
Yesu ɖo eŋu na wo be, "Minɔ ŋudzɔ, be ame aɖeke nagaflu mi o, elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woaflu ame geɖewo. Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe, eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o. Nu siawo adzɔ, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.
"Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo ade mi asi na yometitiwo kple wuwu gɔ̃ hã. Le ɣe ma ɣi me la, ame geɖewo atra le xɔse la gbɔ, woade wo nɔviwo asi, eye woalé fu wo nɔewo vevie. Aʋatsonyagblɔɖilawo abɔ fũu, eye woana geɖewo atra mɔ.
Nu vɔ̃ wɔwɔ axɔ aƒe ale gbegbe be, ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃nu atsi. Ke ame si anɔ te ase ɖe nuwuwu la, woaɖee.
Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexea me katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwu la ava."
Le ɣe ma ɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi.
"Le nyateƒe me la, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔƒome la katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la, woato ŋkeke siawo ɖe eme.
Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Kristo la va ɖo,’ eye wòle afii alo afi mɛ alo ‘wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o, elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase. Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo!
Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Kristo la va ɖo,’ eye wòle afii alo afi mɛ alo ‘wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o, elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase. Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo!
"Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Ele gbedzi afi aɖe la,’ migaɖe fu na mia ɖokuiwo be yewoayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be, ‘Ebe ɖe xɔ gã me la,’ migaxɔe se o!
Sidzedze ati kple eƒe kutsetse
"Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ abe alẽwo ene, ke le wo me la, wonye amegaxi nyanyrawo.
Dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo, gawu la, dɔ ato le teƒe aɖewo, gake esiawo katã anye nu siwo do ŋɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko."
Yesu yi edzi be, "Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo. Woahe mi ayi dukplɔlawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta, be miegblɔ nyanyui la na wo. Ke ele be dukɔ ɖe sia ɖe nase nyanyui la hafi nuwuwuŋkeke la naɖo.
Yesu yi edzi be, "Le ɣeyiɣi siawo me la, nɔvi ŋutɔ ahe nɔvia ade ku me. Fofowo ade woawo ŋutɔ ƒe viwo asi eye viwo hã ade woawo ŋutɔ fofowo asi be woawu. Ke miawo la, ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo, gake meka ɖe edzi na mi be, ame siwo katã ado dzi va se ɖe nuwuwu la akpɔ ɖeɖe.
Anyigba aʋuʋu sesĩe le teƒewo, eye dɔ ato vevie le teƒe bubuwo hã. Dɔ vɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexea me, eye nu dziŋɔ kple dzesi gãwo latso dziƒo.
A vinda gloriosa
Cristo virá nas nuvens com poder e grande glória, enviará seus anjos e reunirá seus escolhidos dos quatro ventos.
Amegbetɔ Vi la ƒe vava
"Le xaxaŋkeke mawo megbe teti ko la,
" ‘Ɣe ado viviti,
eye ɣleti hã magaɖi o,
ɣletiviwo age tso dziƒo,
eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’
"Le ɣe ma ɣi me la, Amegbetɔ Vi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigbadzidukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ lilikpo dzi aɖiɖi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me, eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe, eye woayi aɖaƒo ame titiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe ɖeka dzi yi bubu dzi.
Nufiame tso gboti la ŋuti
"Azɔ misrɔ̃ nu tso gboti la ŋuti. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye aŋgbawo de asi dodo me la, ekema minyae be dzomeŋɔli ɖo vɔ. Nenema ke ne miekpɔ be nu siawo katã de asi dzɔdzɔ me la, ekema minyae be nye vava tu aƒe kpokploe.
Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me, eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu.
Yesu gblɔ nya le eƒe vava zi evelia ŋuti
"Azɔ la, dzesi dziŋɔwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi afi sia la, ʋunyaʋunya ava dukɔwo me, eye woatɔtɔ, elabena atsiaƒu aɖe gbe sesĩe, eye ƒutsotsoewo aŋe ŋɔdzitɔe. Ame geɖewo abu mɔkpɔkpɔ le vɔvɔ̃ ku ɖe nu dziŋɔ siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe anyigba sia dzi ta, elabena ŋusẽ siwo le dziƒo la hã aʋuʋu. Ale ame siwo le anyigba dzi la akpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ lilikpowo dzi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Eya ta ne nu siawo katã le dzɔdzɔm la, minɔ te sesĩe, eye mianɔ ŋudzɔ, elabena ɣeyiɣia ɖo vɔ be woaɖe mi."
Ale ame siwo le anyigba dzi la akpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ lilikpowo dzi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me.
"Le ɣe ma ɣi me la, amewo akpɔ Amegbetɔ Vi la wòava le lilikpowo me kple ŋusẽ gã kple ŋutikɔkɔe. Adɔ mawudɔlawo be woaƒo ame siwo katã nye etɔwo le xexe bliboa me la nu ƒu tso keke anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi va se ɖe dziƒo ƒe nuwuwu ke.
Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe gã aɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi, eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã. Le esia megbe la, woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe, eya ta mitsɔ nya siawo fa akɔe na mia nɔewo.
Vigilância e preparo
Ninguém sabe o dia nem a hora. Jesus nos ordena a vigiar, orar e estar prontos, pois Ele virá quando menos esperamos.
"Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya gbe si gbe miaƒe Aƒetɔ la ava o.
"Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya gbe si gbe miaƒe Aƒetɔ la ava o.
Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.
Nuxɔxlɔ̃ nusrɔ̃lawo hena ŋudzɔnɔnɔ
"Mikpɔ nyuie be nutsuɖuɖu, ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe agbemenyawo ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkekea naɖi ɖe mi abe ale si mɔ ɖea ame ene o. Elabena adze ame siwo katã le anyigba dzi la dzi kpoyi. Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la, miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi miatsi tsitre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume o."
Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ, eya ta minɔ mo xexi, eye miɖu mia ɖokui dzi, ale be miate ŋu ado gbe ɖa.
Azɔ la, Mawu ŋutɔ, ame si nye ŋutifafa ƒe Mawu la nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã blibo la ɖo mokakamanɔŋui le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la.
Azɔ la, gbɔgbɔmenunana aɖeke matsi mia nu o, eye mianɔ lalam vevie na Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la. Ana mianɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu, eye woakpɔ mi mokakamanɔŋutɔwoe le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.
A esperança bendita
A aguardamos a bendita esperança e a manifestação da glória do nosso grande Deus e Salvador Jesus Cristo.
Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la do na amewo katã. Efia mí be míagblɔ "Ao" na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo, eye míanɔ agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me le fifixexea me, esi míele lalam na yayraŋkeke si míele mɔ kpɔm na, yayraŋkeke si dzi woaɖe míaƒe Mawu gã kple Ɖela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe afia le. Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la.
Eye meka ɖe edzi be Mawu, ame si dze dɔ nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la ayi edzi, akpe ɖe mia ŋu be miatsi ɖe edzi le eƒe amenuveve la me va se ɖe esime dɔ si wɔwɔ gɔme wòdze le mia me la nawu enu le ŋkeke si Yesu Kristo agatrɔ ava la dzi.
Migado nuxaxa na Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabena eyae wotsɔ de dzesi mi hena miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ.
nenema ke wotsɔ Kristo hã sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam.
Eye mina míabu ale si míado ŋusẽ mía nɔewo la ŋuti be woayi dzi le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me. Migana míagbɔdzɔ le míaƒe takpeƒewo dede me o, abe ale si ame aɖewo tsɔe ɖo dɔe nɔa kuvia wɔm ene o, ke boŋ mina míade dzi ƒo na mía nɔewo, vevietɔ esi mienyae be eƒe ŋkeke la te tu aƒe kpokploe.
"Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ." Aƒetɔ Mawue gblɔe.
Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! Lé ŋusẽ sue si le asiwò la me ɖe asi sesĩe ale be ame aɖeke maxɔ wò fiakuku la le asiwò o.
Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene.
Azɔ la, vinye lɔlɔ̃awo, minɔ agbe le eya amea me, elabena kakaɖedzi anɔ mía si, eye ŋu makpe mí le eŋkume le eƒe vavaŋkekea dzi o.