Sofrimento
O sofrimento é uma realidade da vida neste mundo, mas a Bíblia revela que Deus está presente em toda dor, produzindo caráter, esperança e redenção através das tribulações.
O sofrimento de Cristo
Jesus sofreu por nós, carregando nossas dores e enfermidades. Ele é o modelo supremo de como enfrentar o sofrimento com fé e obediência.
Amewo do vloe, eye wogbee.
Ŋutsu si dzi vevesese kple fukpekpe le la wònye.
Ele abe ame si ta amewo tsɔ nu tsyɔ ŋkume ɖo la ene.
Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o.
Ke le nyateƒe me la, eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo,
eye wòde ta míaƒe vevesesewo te,
gake míebui abe ame si Mawu ƒo,
eye wòtsɔ fukpekpewo da ɖe edzi la ene.
Woɖe eƒe awu siwo wòdo la le eŋuti, eye wotsɔ awu dzĩ do nɛ, eye wotsɔ ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ, eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe nuɖusime me. Wodzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe, eye wogblɔna be, "Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia."
Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome.
Azɔ la, meva kpɔe be esia koe nye mɔ si dzi míato anya Kristo, eye míanya nu hã tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome la ŋu. To esia me la, míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la hã gɔme.
O propósito do sofrimento
Deus usa as tribulações para produzir perseverança, caráter e esperança. O sofrimento presente não se compara com a glória que será revelada.
Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le míaƒe fukpekpewo me hã, elabena míenya be fukpekpe dzia dzidodo; ke dzidodo dzia kelili, eye kelili dzia mɔkpɔkpɔ.
Mebuna be fukpekpe siwo me tom míele fifia la mate ŋu asɔ kple ŋutikɔkɔe si wole ɖeɖe ge afia le mía me la o.
Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie, eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe si ƒo nuwo katã ta la mí ɖaa.
Abe ale si Kristo ƒe fukpekpewo gena ɖe míaƒe agbe mee ene la, nenema ke to Kristo me míaƒe akɔfafa hã gbã goe.
Miawo la, menye Kristo dzi xɔxɔ se ƒe mɔnukpɔkpɔ ko wona mi o, ke boŋ be miakpe fu ɖe eta hã.
Eya ta esi Kristo kpe fu le eƒe ŋutilã me ta la, miawo hã mitsɔ nɔnɔme ma ke bla miaƒe aliwo dzii, elabena ame si kpe fu le eƒe ŋutilã me la, klã ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ,
Consolação e companhia
Deus consola os aflitos para que possamos consolar outros. Nunca estamos sozinhos no sofrimento — Ele é o Pai das misericórdias.
Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la, ame si fa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ.
Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye le esia wɔwɔ me la, miawu Kristo ƒe se la nu.
Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ ŋutɔ,
gake Yehowa ɖenɛ le wo katã me;
Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi.
Ke ne miekpe fu le nu nyui wɔwɔ me gɔ̃ hã la, woayra mi. "Migavɔ̃ nu si vɔ̃m wole o; dzidzi hã megaƒo mi o."
Fé em meio à dor
Os grandes homens e mulheres de fé sofreram e perseveraram. O sofrimento nos aproxima de Deus e nos leva a entender seu coração.
Esi Hiob se esia la, etso hedze eƒe awu ʋlaya eye wòlũ eƒe taɖa. Edze klo de ta agu, hedo gbe ɖa be,
"Amamae menɔ hafi do go tso danye ƒe dɔ me,
eye amamae manɔ hafi atrɔ adzo.
Yehowae na eye Yehowae gaxɔe;
woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ!"
"Woayra ŋutsu si Mawu ɖɔna ɖo
eya ta mègado vlo Ŋusẽkatãtɔ la ƒe amehehe o.
Ne ame aɖe gbe metsɔ eƒe atitsoga dze yonyeme o la, eya hã medze anye tɔnye o.
"Nenye be ame aɖe ku ɖe eƒe agbe ŋuti vevie la, abui, ke ne ame aɖe tsɔ eƒe agbe na ɖe tanye la, akpɔe le nuwuwua.
Eƒe luʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ. Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye ve me ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’
Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me.
Nu kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ loo, dzɔgbevɔ̃e loo, alo yia?
Nenye ɖe matsɔ nu sia nu si le asinye la ana ame dahewo, eye matsɔ nye ŋutilã ana be woatɔ dzoe, gake nyemelɔ̃a amewo o la, viɖe aɖeke kura manɔ nu sia ŋu o.
Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe, be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. Ke nyemele nya bubu aɖeke gblɔm o, negbe nu si nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi be ava va eme la koe. Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Kristo la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o.’ "
Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenye manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o.