Sonhos
Sonhos aparecem em toda a Bíblia como meio de revelação divina. Deus falou através de sonhos a patriarcas, profetas e servos, mas também alertou contra falsos sonhadores.
Sonhos como revelação divina
Deus usou sonhos para comunicar sua vontade a homens e mulheres ao longo da história bíblica, revelando caminhos e mistérios.
Yehowa gblɔ na wo be, "Miɖo to nye nyawo:
"Ne Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le mia dome la,
meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutegawo me,
eye meƒoa nu nɛ le drɔ̃ewo me.
"Le nu siawo megbe la,
matrɔ nye Gbɔgbɔ akɔ ɖe amewo katã dzi!
Mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo agblɔ nya ɖi,
miaƒe ame tsitsiwo aku drɔ̃ewo
eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.
Azɔ la, Petro kple Apostolo wuiɖekɛawo tsi tsitre, eye Petro kɔ gbe dzi ƒo nu na amehawo be, "Nɔvi, Yudatɔwo, kple Yerusalem nɔlawo siaa, mina maɖe nu sia me na mi; miɖo to nyuie miase nu si magblɔ. Ame siawo memu aha abe ale si miesusui ene o. Elabena ŋdi ga asiekɛ koe ƒo. Ke boŋ nu si teƒe kpɔm miele ŋdi sia la nye nu si Nyagblɔɖila Yoel gblɔ ɖi xoxoxo ƒe alafa nanewoe nye esi va yi be,
" ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be
makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi.
Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi.
Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo,
eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo.
Mawu na nunya kple gɔmesese ɖekakpui ene siawo tso nuŋlɔɖi kple nunya ƒe alɔdze ɖe sia ɖe ŋu. Ke Daniel ya tea ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃e ɖe sia ɖe ƒomevi gɔme.
Fia la bia Daniel (ame si wogayɔna be Beltesazar la) be, "Àte ŋu agblɔ nu si mekpɔ le nye drɔ̃e la me nam eye nàɖe egɔmea?"
Daniel ɖo eŋu be, "Nunyala alo bokɔ, dzotɔ alo ɣletivimenunyala aɖeke mate ŋu aɖe nya ɣaɣla si gɔme nèbia be woaɖe na ye la gɔme o gake Mawu aɖe le dziƒo, ame si ɖea nu ɣaɣlawo fiana. Eɖe nu si ava dzɔ le ŋkeke siwo gbɔna la me fia Fia Nebukadnezar. Wò drɔ̃e kple ŋutega siwo to wò susu me esi nèmlɔ wò aba dzi la le ale:
Sonhos na história da Bíblia
De José no Egito a José pai de Jesus, Deus guiou a história da salvação através de sonhos, protegendo e dirigindo seu povo.
Woɖo eŋu be, "Mí ame evea míeku drɔ̃e le zã si va yi la me, ke ame aɖeke mele afi sia aɖe drɔ̃eawo gɔme na mí o."
Yosef gblɔ na wo be, "Mawue ɖea drɔ̃e gɔme; ke milĩ drɔ̃eawo nam kpɔ."
Farao gblɔ na Yosef be, "Meku drɔ̃e aɖe le zã si va yi la me, gake ame siawo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese be ètea ŋu ɖea drɔ̃ewo gɔme, eya ta mena woyɔ wò nam."
Yosef gblɔ na Farao be, "Nyemate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme le ɖokuinye si o, ke Mawu ya ate ŋu aɖe drɔ̃ea gɔme na wò!"
Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, "Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ be wòava nɔ gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu vɔ̃wo me."
Ke esi wònɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a ɖo gbedeasi sia ɖee be, "Mègaka asi ame dzɔdzɔe ma ŋuti o, elabena etsɔ si va yi ƒe zã la, meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe tso eŋuti."
Esi Yehowa kplɔ aboyomeyilawo gbɔe va Zion la,
míenɔ abe drɔ̃ekulawo ene.
Sabedoria sobre sonhos
A Bíblia ensina discernimento: nem todo sonho vem de Deus. Devemos entregar nossos planos ao Senhor e confiar na direção dele.
Tsɔ nu sia nu si nèwɔna la de Yehowa ƒe asi me,
ekema wò ɖoɖowo adze edzi na wò.
Nu geɖewo ame ɖo ɖe eƒe dzi me,
gake Yehowa ƒe ɖoɖo koe vaa eme.
"Ne nyagblɔɖila aɖe le mia dome alo ame si gblɔna be yeate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge to drɔ̃ekuku me, ne eƒe nyagblɔɖiwo vaa eme, gake wògblɔna be, ‘Miva, mina míasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawuwo’ la, migaɖo to eƒe nya o. Yehowa miaƒe Mawu le mia dome be yeanya ne mielɔ̃ ye le nyateƒe me kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo loo alo mielɔ̃e o. Migasubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o. Misubɔ Yehowa miaƒe Mawu ko. Miwɔ ɖe eya ko ƒe sewo dzi, eye mialé ɖe eŋu.
"Mese nu si gblɔm nyagblɔɖilawo le, ame siwo gblɔ aʋatsonyagblɔɖi le nye ŋkɔ me. Wogblɔ be, ‘Meku drɔ̃e aɖe! Meku drɔ̃e aɖe.’ Ɣe ka ɣie nu sia ayi edzi le aʋatsonyagbɔɖila siawo ƒe dzi me ase ɖo, ame siwo gblɔ beblenya siwo woƒe susuwo gblɔ na wo?
Kpɔ ɖa," ale Yehowa gblɔe nye esi: "Matso ɖe ame siwo tsɔ alakpadrɔ̃ewo gblɔa nya ɖi la ŋuti. Wogblɔnɛ na dukɔa, eye wokplɔa nye amewo tranae to woƒe alakpa vivivo la me, evɔ nyemedɔ wo alo de dɔ asi na wo o. Womenye viɖe aɖeke na nye dukɔ o," Yehowae gblɔe.
Abe ale si hloloetsotso fũu akpa nana
wokua drɔ̃e vɔ̃wo ene la,
nenema kee bometsitsi nana
woƒoa nukpoloe.
Gɔmesese mele drɔ̃ekuku geɖewo kple nya sɔgbɔwo me o eya ta nɔ anyi le Mawuvɔvɔ̃ me.