Pular para o conteúdo
Publicidade

1 Coríntios 1

13 Miaƒe nuwɔna sia na wòle dzedzem abe ɖe Kristo ma ɖe akpa vovovowo me ene. Ke medi be mabia mi se be nye Paulo ye ku ɖe miaƒe nu ̃wo ta ? Alo wode mawutsi ta na mia dometɔ aɖe le nye ŋkɔ dzia? 14 Edzɔ dzi nam ŋutɔ eye meda akpe na Mawu vevie be Krispo kple Gayo ɖeɖe koe nye ame siwo nye ŋutɔ mede mawutsi ta na le mia dome. 15 Eya ta mia dometɔ aɖeke mate ŋu agblɔ be wode mawutsi ta na ye le nye ŋkɔ me o.

16 (Ɛ̃, meɖo ŋku edzi be mede mawutsi ta na Stefano kple eƒe aƒemetɔwo . Le woawo megbe la, nyemegade mawutsi ta na ame bubu aɖeke kura o.) 17 Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.

Veja também