Pular para o conteúdo
Publicidade

1 Coríntios 11

24 eye esi wòdo gbe ɖa heda akpe na Mawu ɖe eta la, eŋe eme, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ na wo be, "Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã si wotsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia ne miatsɔ aɖo ŋku dzinye." 25 Nenema ke esime woɖu nua la, etsɔ wainkplu la, eye wògblɔ be, "Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣe sia ɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye." 26 Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava.

27 Eya ta ne ame aɖe aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadzee la, ekema awɔ nu ̃ ɖe Aƒetɔ ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋu. 28 Eya ta ele vevie be ame nadzro eɖokui me akpɔ nyuie hafi aɖu abolo sia, eye wòano nu le Aƒetɔ ƒe kplu la nu.

Veja também