Ŋutilã ɖeka gake ŋutinu geɖewo
12 Ŋutinu geɖewo le míaƒe ŋutilã ŋu, ke ŋutinu geɖe siawo la, ŋutilã ɖeka ko wozuna ne wotsɔ wo katã ƒo ƒu. Nenema tututue wòle le Kristo ƒe "ŋutilã" gome hã, 13 elabena wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka ma de mawutsi ta na mí katã ɖe ŋutilã ɖeka me, eye mí katã mieno Gbɔgbɔ ɖeka ma, eɖanye Yudatɔ o, alo Grikitɔ o, kluvi alo ablɔɖevi o. 14 Ɛ̃, ŋutinu geɖewo le ŋutilã la ŋu, menye ŋutinu ɖeka koe wɔ ŋutilã o.
15 Ne afɔ agblɔ be, "Nyemenye ŋutilã ƒe akpa aɖe o, elabena nyemenye asi o" la, mefia be eya ta afɔ menye ŋutinu abe bubuawo ene o. 16 Nu ka nàbu ne èse to wògblɔ be, "Nyemenye ŋutilã la ƒe akpa aɖeke o elabena to ko menye, nyemenye ŋku o"? Ɖe esia awɔe be megade blibo abe ŋutinu ɖeka ene oa? 17 Ne ŋutilã blibo la nye ŋku ko la, ekema aleke wòawɔ hafi ase nu? Alo ne wò ŋutilã blibo la nye to gã ɖeka la, aleke nàwɔ hafi ase nane ƒe ʋeʋẽ? 18 Ke, menye nenemae Mawu wɔ mí o. Ewɔ míaƒe ŋutilã ƒe ŋutinu geɖewo eye wòtsɔ ŋutinu ɖe sia ɖe ɖo afi si tututu wòdi be wòanɔ. 19 Míaƒe ŋutilã anye nu wɔnuku aɖe ne wònye ŋutinu ɖeka koe wɔe! 20 Eya ta Mawu wɔ ŋutinu geɖewo, ke ŋutilã ɖeka koe li.
21 Ŋku mate ŋu agblɔ na asi be, "Nyemehiã wò o." Ta mate ŋu agblɔ na afɔ be, "Nyemehiã wò o." 22 Ŋutinu siwo míabu be wonye nu gblɔewo, eye womele vevie o la woe nye esiwo hiã wu. 23 Ɛ̃, dzi dzɔa mí ŋutɔ be ŋutinu aɖewo le mía ŋu, eye wodzena abe bubu mele wo ŋu o ene. Míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo makpɔ o, 24 ke míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo ate ŋu akpɔ la nenema o. Ale Mawu wɔ ŋutilã le mɔ sia nu be míatsɔ bubu kple beléle na ŋutinu tɔxɛ aɖewo, ne menye nenema o la, adze abe ɖe womele vevie tututu o ene. 25 Nu sia naa dzidzɔkpɔkpɔ nɔa ŋutinuwo dome, ale ŋutinuawo tsɔa beléle na wo nɔewo abe woawo ŋutɔ ke ene. 26 Ne fukpekpe va ŋutinu ɖeka dzi la, ŋutinu bubuawo katã kpea fu kplii, ke ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, bubuawo katã tsoa aseye.
27 Nu si mele agbagba dzem be magblɔ lae nye esi. Mí katã míeƒo ƒu zu Kristo ƒe ŋutilã ɖeka, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ŋutinu ɖeka si le vevie.