Publicidade

1 Coríntios 15

45 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe na be, "Ame gbãtɔ, Adam, zu luʋɔ gbagbe." Ke Adam mamlɛtɔ la zu gbɔgbɔ si na agbe. 46 Ale menye gbɔgbɔmetɔe nye gbãtɔ o, ke boŋ dzɔdzɔmetɔ lae. Eya megbe hafi gbɔgbɔmetɔ va. 47 Ame gbãtɔ si tso anyigba me la nye anyi, ame evelia nye Aƒetɔ si tso dziƒo. 48 Ŋutilã le amegbetɔ ɖe sia ɖe si abe Adam ene. Wowɔe tso anyi me, ke ame siwo katã zu Kristo la, Kristo ƒe ŋutilã tɔgbi, si anye ŋutilã si tso dziƒo la anɔ wo si. 49 Abe ale si anyigbadzitɔa ƒe nɔnɔme le mía ŋu la, nenema kee dziƒotɔa ƒe nɔnɔme anɔ mía si gbe ɖeka.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-