12 Le nyateƒe me la, míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o. Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí. 13 Nya siwo tututu Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ na mí la, woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi. 14 Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme.
Publicidade