Publicidade

1 Crônicas 29

Nunanawo hena gbedoxɔ la tutu

1 Fia David trɔ ɖe ameha la gbɔ azɔ hegblɔ na wo be, "Vinye Solomo, ame si Mawu tia be wòanye Israel fia yeyea la, ɖekakpui dzaa aɖe ko wònye, mekpɔ nuteƒe o, ke si dze ŋgɔe la nye aɖe elabena gbedoxɔ si wòatu la menye bubu aɖe ko wòanye o. Yehowa Mawu ŋutɔ ƒe xɔe! 2 Mewɔ nu sia nu si le nye ŋutete me eye medi nu siwo katã hiã na la tutu, esiwo nye sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, ati, onikple kpe xɔasi bubuwo, adzagba xɔasiwo kple kpeɣi. 3 Azɔ esi wònye ɖe metsɔ ɖokuinye sa vɔe ɖe nye Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu ta la, metsɔ nye ŋutɔ nye kesinɔnu siwo nye sika kple klosalo kpe ɖe xɔtunu siwo medi da ɖi la ŋu hena nye Mawu la ƒe gbedoxɔ la tutu.

4 "Mena sika nyuitɔ tso Ofir tɔnalafa ɖeka (100) kple klosalo nyuitɔ tɔnalafa eve blaene (240) be woatsɔ afa ɖe gliawo ŋu 5 eye sikanuwɔlawo kple klosalonuwɔlawo natsɔ wo awɔ sikanuwo kple klosalonuwo. Azɔ la, ame kae ̃ be yeakɔ ye ɖokui ŋuti egbea na Yehowa?"

6 Tete ƒometatɔwo, Israel ƒe towo ƒe tatɔwo, asrafo akpe ɖeka kple asrafo alafa ɖeka nunɔlawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo na nu lɔlɔ̃nutɔe. 7 Wona nu hena dɔwɔwɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋuti. Wona sika "tɔn" alafa ɖeka blaadre (170), sika kilogram blaenyi-vɔ-ene kple klosalo "tɔn" alafa etɔ̃ blaene-vɔ-atɔ̃ (345) kple akɔbli "tɔn" alafa ade kple ewo (610) kple gayibɔ "tɔn" akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃ (3,450). 8 Wogatsɔ kpe xɔasi gbɔ aɖe na Yehiel, Gerson ƒe dzidzimevi aɖe be, wòatsɔ ade gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe. 9 Ame sia ame kpɔ dzidzɔ le lɔlɔ̃nununanakpekpeɖeŋunana ƒe mɔnukpɔkpɔ sia ŋu. Fia David ŋutɔ kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.

David ƒe gbedodoɖa

10 David ganɔ ameha blibo la ŋkume eye wòkafu Yehowa gblɔ bena,

"Oo, Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu,

woakafu ŋkɔ tegbetegbe.

11 Tɔwòe nye ŋusẽ, ŋutikɔkɔe,

dziɖuɖu kple gãnyenye.

Oo, Yehowa, tɔwòe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi,

míekafu be nu sia nu le dzikpɔkpɔ te.

12 ɖeka gbɔ ko kesinɔnuwo kple bubu tsona;

wòe nye amegbetɔƒomea dziɖula.

Asiwòmee gãnyenye kple ŋusẽ le

eye wòe naa gãnyenye kple ŋusẽ ame.

13 Oo, mía Mawu, míeda akpe na

eye míekafu ŋkɔ kɔkɔe la.

14 "Ke ame kae menye eye ame kawoe nye amewo nye be nàɖe na be míana nane ? Gbɔwòe nu sia nu si le mía si la tso eye nu si nye tɔwò xoxo la ko míetsɔ na ! 15 Elabena, ɣeyiɣi kpui aɖe ko míanɔ afi sia; míenye amedzro le anyigba dzi abe ale si mía fofowo do ŋgɔ na ene. Míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔlĩ ene; wo nu yina kaba eye wo teƒe buna. 16 Oo, Yehowa, míaƒe Mawu, nu siwo katã míeƒo ƒu da ɖi be míatsɔ atu gbedoxɔ na ŋkɔ kɔkɔe la, tso ŋutɔ gbɔwò! Tɔwòe wo katã nye! 17 Nye Mawu, menya be èdoa amewo kpɔna be yeanya ne wonye ame nyuiwo elabena èkpɔa ŋudzedze le ame nyuiwo ŋu. Mewɔ nu siawo katã kple tameɖoɖo nyui, mekpɔ amewo esime wona nuwo lɔlɔ̃nutɔe kple dzidzɔ. 18 Oo, Yehowa, mía fofowo, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu! Na wòanye amewo ƒe didi be yewoaɖo to ɣe sia ɣi eye nàkpɔ egbɔ be woƒe lɔlɔ̃ na metrɔ gbeɖe o. 19 Na dzi nyui si trɔ ɖe Mawu ŋu la vinye, Solomo, ale be wòawɔ sewo dzi le nu suetɔwo kekeake me eye wòakpɔ na gbedoxɔ si tutu ta mewɔ dzadzraɖo siawo katã la ƒe nuwuwu."

20 Azɔ la, David gblɔ na ameawo katã be, "Mikafu Yehowa, miaƒe Mawu la" eye wokafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la. Wode ta agu le Yehowa kple fia la ŋkume.

Woxɔ Salomo abe fia ene

21 Esi ŋu ke la, wotsɔ nyitsu akpe ɖeka (1,000), agbo akpe ɖeka kple alẽvi akpe ɖeka sa numevɔ na Yehowa. Wosa numevɔ kple vɔsa bubu geɖewo ɖe Israel nu. 22 Emegbe la, woɖu nu eye wono nu le Yehowa ŋkume kple dzidzɔ aɖe.

Wogaɖo Fia David ƒe vi, Solomo, woƒe Fiae zi evelia kpe ɖe Fia David ŋu. Wosi ami le Yehowa ŋkume abe woƒe kplɔla ene eye wosi ami na Zadok abe woƒe Nunɔla ene. 23 Ale Mawu na Fia Solomo fofoa, David ƒe fiazikpui. Nu dze edzi ŋutɔ eye Israel blibo la ɖo toe. 24 Dukɔ la kplɔlawo, asrafomegãwo kple nɔviawo katã ka atam be yewoanɔ fia la yome. 25 Yehowa na Israelviwo katã ̃e, kesinɔnu geɖewo esi eye bubu eŋu wu fofoa.

David ƒe ku

26 David, Yese ƒe viŋutsu, ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi. 27 Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaene, ƒe adre le Hebron, ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ le Yerusalem. 28 Etsi ŋutɔ, enye kesinɔtɔ kple bubume aɖe hafi ku eye via Solomo ɖu fia ɖe eteƒe.

29 Woŋlɔ Fia David ƒe ŋutinya tsitotsito ɖe Nyagblɔɖila Samuel ƒe agbalẽ me, ɖe ŋutinya si Nyagblɔɖila Natan ŋlɔ la me kple esi Nyagblɔɖila Gad ŋlɔ la me. 30 Nuŋlɔɖi siawo ƒo nu tso Fia David ƒe fiaɖuɖu, eƒe ŋusẽ, nu siwo katã dzɔ ɖe eya ŋutɔ dzi, Israel dukɔ la dzi kple dukɔ siwo ƒo xlã Israel dukɔ ƒe fiawo dzi la ŋu.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-