8 Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene. 9 Minɔ te ɖe enu, minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me, elabena mienyae be mia nɔvi siwo le xexea me godoo la le fukpekpe mawo ke me tom.
10 Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi.