Publicidade

1 Reis 3

Salomo bia nunya

1 Solomo ɖeka kple Farao, Egipte fia eye wòɖe via nyɔnu aɖe. Ekplɔe va David ƒe du la me va se ɖe esime wòawu eƒe fiasã la kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu kple gliɖoɖo ƒo xlã Yerusalem nu. 2 Le ɣe ma ɣi la, Israel saa le vɔsamlekpuiwo dzi le toawo dzi elabena wometu Yehowa ƒe gbedoxɔ haɖe o. 3 Fia Solomo ̃ Yehowa eye wòzɔ ɖe fofoa, Fia David ƒe ɖoɖowo katã nu negbe ale si wòyi vɔwo sasa kple dzudzɔdodo dzi le toawo dzi ko.

4 Vɔsamlekpui siwo toawo dzi la dometɔ xɔŋkɔtɔe nye esi Gibeon; Fia la yi afi ma eye wòsa numevɔ akpe ɖeka! 5 Yehowa ɖe eɖokui fiae le ma me eye wògblɔ be, "Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana !"

6 Solomo ɖo eŋu be, "Èwɔ dɔmenyo na dɔla, fofonye, David elabena eɖi anukware na . Ewɔ nu dzɔdzɔe eye eƒe dzi to ɖeka. Èyi edzi, ɖe amenuveve sia fiae eye nèna viŋutsue be wòanɔ eƒe fiazikpui dzi egbea.

7 "Azɔ la, Oo Yehowa, nye Mawu, èɖo dɔla fiae ɖe fofonye, David teƒe, ke nye la, ɖevi sue ko menye, nyemenya ale si mawɔ nye dɔdeasiwoe o. 8 Azɔ la, dɔla le afii, le ame tiatiawo dome, dukɔ si lolo eye ameawo gbɔ ale gbegbe be womate ŋu axlẽ wo o. 9 Na dzi nyanu dɔla ale be wòate ŋu aɖu dukɔ dzi eye wòade vovototo nyui kple ̃ dome elabena ame kae ate ŋu aɖu dukɔ sia dzi?"

10 Edzɔ dzi na Aƒetɔ la be Solomo bia nu sia 11 eya ta Mawu gblɔ be, "Esi nèbia esia eye menye agbe didi loo alo kesinɔnuwo na ɖokuiwò o loo alo futɔwo ƒe ku o ke boŋ dzi nyanu be yeatsɔ atso afia nyui ta la, 12 mawɔ nu si nèbia la na . Mana dzi nyanu kple dzi si sea nu gɔme la ale be tɔwò tɔgbi aɖeke manɔ anyi fifia loo alo akpɔ gbeɖe o. 13 Gawu la, matsɔ nu si mèbia o la akpee na , kesinɔnuwo kple bubu siaa, ale be le agbemeŋkekewo katã me la, fia aɖeke masɔ kpli o 14 eye ne èzɔ le nye mɔwo dzi, nèwɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe ale si fofowò, David ene la, mana agbe didi ."

15 Solomo nyɔ eye wòdze sii be drɔ̃e yeku. Etrɔ va Yerusalem eye wòva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, sa numevɔ kple akpedavɔ eye wòɖo kplɔ̃ aɖe na eŋumewo katã.

Salomo tso afia nyui

16 Gbe ɖeka la, ɖetugbi eve siwo nye gbolowo la tsɔ nya aɖe va fia la gbɔ be wòatso eme na yewo. 17 Ɖeka gblɔ be, "Nye aƒetɔ, nye kple nyɔnu sia míele aƒe ɖeka me. Medzi vi esime wònɔ afi ma kplim. 18 Esi medzi vi ŋkeke etɔ̃ megbe la, nyɔnu sia dzi vi. ame evea koe aƒea me.

19 "Ke le me la, emlɔ anyi, mli ɖamlɔ via dzi eye ɖevia ku. 20 Efɔ ma me dzaa va tsɔ vinye le gbɔnye esi menɔ alɔ̃ dɔm. Etsɔ via kukua de nye abɔwo dome eye wòtsɔ tɔnye yi ɖamlɔ eɖokui gbɔ. 21 Esi ŋu be yeake eye mebe mana no vidzĩa la, mekpɔ be eku! Melé ŋku ɖe eŋu nyuie eye medze sii be menye vinyee o."

22 Nyɔnu evelia gblɔ be, "Etɔ tututue nye vidzĩ kuku la eye tɔnyee nye esi le agbe."

Nyɔnu gbãtɔ be, "Ao, vidzĩ kuku lae nye tɔwò eye agbagbeae nye tɔnye." Ale wohe nya sia le fia la ŋkume.

23 Fia la gblɔ be, "Ame si gblɔ be, Vinyee nye agbagbea, eye viwòe nye kukua,eye ame keme be, Ao! Viwòe nye kukua eye vinyee nye agbagbea.’ "

24 Azɔ fia la gblɔ be, "Enyo, mitsɔ yi nam" Ale wotsɔ yi na fia la. 25 Fia la na gbe hegblɔ be, "Mima ɖevi gbagbe la ɖe akpa eve me eye miatsɔ afã eveawo na nyɔnu eve siawo ɖekaɖekae!"

26 Nyɔnu si tɔe nye ɖevi gbagbe la eye wòlɔ̃ via ŋutɔŋutɔ la do ɣli be, "Ao! Kpao! Aƒetɔ! Tsɔ ɖevi gbagbe la na nyɔnu evelia faa! Mègawui o!"

Ke nyɔnu evelia ya gblɔ be, "Enyo, ekema ɖevia maganye tɔwò loo alo tɔnye o; mimae na !"

27 Fia la gblɔ be, "Tsɔ ɖevi gbagbea na nyɔnu si di be ɖevia nanɔ agbe, elabena eyae nye ɖevi la dada!"

28 Fia Solomo ƒe nyametsotso sia kaka ɖe dukɔ blibo la me enumake eye ameawo katã ƒe nu ku esi wodze si nunya si Mawu nae.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-