Fia Salomo ƒe nunya
29 Mawu na nunya blibo kple gɔmesese deto Solomo le mɔ geɖewo nu. 30 Eƒe nunya de ŋgɔ wu nunyala gã siwo tso Ɣedzeƒe kple esiwo tso Egipte la tɔwo. 31 Enya nu wu Etan, Ezrahitɔ la kple Heman, Kalkol kple Darda, ame siwo nye Mahol ƒe viwo. Exɔ ŋkɔ le dukɔ siwo ƒo xlãe la me. 32 Eto lododo akpe etɔ̃ vɛ eye wòkpa ha akpe ɖeka kple atɔ̃.