11 Saul ɖo asrafowo ɖa be woadzɔ David ƒe aƒe ŋu ne edo go tso eƒe xɔ me ŋdi ko la, woawui. Ke Mixal gblɔ na srɔ̃a David be "Ne mèsi dzo le zã sia me o la, àzu nu kuku etsɔ ŋdi."
12 Ale Mixal kpe ɖe srɔ̃a ŋu wòɖi to fesre to hesi. 13 Mixal tsɔ ametikpakpɛ aɖe da ɖe David ƒe aba dzi, eƒe ta nɔ suɖui si wowɔ kple gbɔ̃fu la dzi eye wòtsyɔ abadzivɔwo nɛ. 14 Esi asrafoawo va be woalé David ayi na Saul la, Mixal gblɔ na wo be David dze dɔ eye mate ŋu afɔ o. 15 Saul gblɔ ɖo ɖa be woakɔ David kple eƒe abati la vɛ ale be yeate ŋu awui. 16 Ke esi wova be woakɔe kple abatia la, wokpɔ be ametikpakpɛ koe nɔ abatia dzi eye gbɔ̃fuvɔ le eƒe tagbe.
17 Saul bia via Mixal be, "Nu ka ta nèblem eye nèna nye futɔ si?"
Mixal ɖo eŋu be, "Ɖe kokoko wòle nam be mable wò elabena srɔ̃nye gblɔ nam be ne nyemekpe ɖe ye ŋu o la, yeawum."
18 Ale David si yi Rama ɖakpɔ Samuel eye wògblɔ nu siwo katã Saul wɔ ɖe eŋu la nɛ eye Samuel kplɔ David yi Nayɔt.