Pular para o conteúdo
Publicidade

1 Tessalonicenses 5

Ŋudzɔnɔnɔ na Aƒetɔ la ƒe vava

1 Ɣe ka ɣie nu siawo katã ava eme? Nɔvi lɔlɔ̃awo, mehiã be magblɔ nya aɖeke tso ema ya ŋuti o, 2 elabena mienya nyuie be ame aɖeke menya ɣeyiɣi la o. Aƒetɔ la ƒe azãgbe la aɖi ɖe abe ale si fiafitɔ vana le me ene. 3 Esime amewo le gbɔgblɔm be, "Ŋutifafa kple dedinɔnɔ" li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene.

4 Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la, nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye womava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o. 5 Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye, eye mienye viviti kple tɔwo o,

Veja também

1 Tessalonicenses
Ver todos os capítulos de 1 Tessalonicenses