Pular para o conteúdo
Publicidade

Nyaɖeɖefia 13

2 wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle, gake eƒe afɔwo abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na wɔadã la.

6 Eke eƒe nu be yeagblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye yeaƒo ɖi eƒe ŋkɔ, eƒe nɔƒe kple ame siwo katã li kplii le dziƒo la. 7 Wona ŋusẽe be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔeawo, eye wòaɖu wo dzi. Nenema ke wona dziɖuɖuŋusẽe ɖe to sia to, ƒome sia ƒome, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ dzi.

Veja também