13 Tete mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃ siwo ɖi akpɔkplɔwo la. Wodo tso ʋɔ driba la ƒe nu me kple lã wɔadã la ƒe nu me kple aʋatsonyagbɔɖila la ƒe nu me. 14 Wonye gbɔgbɔ vɔ̃ siwo le nukunuwo wɔm la, eye wodona yina ɖe xexemefiawo gbɔ, ne woaƒo wo nu ƒu hena aʋawɔwɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la dzi.
15 "Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene! Woayra ame si le ŋudzɔ, eye wògale eƒe awuwo me la, be masi adzo amamae, eye wòaɖe eƒe ŋukpeƒe ɖe go o."
16 Tete woƒo fiawo katã nu ƒu ɖe teƒe aɖe si woyɔna le Hebrigbe me be Armagedon.