Publicidade

Apocalipse 21

10 Tete wòkɔm dzoe le Gbɔgbɔ la me heyi ɖe to kɔkɔ aɖe dzi, eye wòɖe Du Kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la fiam. 11 Ele keklẽm kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, eye eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi aɖe ene, eye wòle abe yaspakpe ene, eye eme keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene. 12 Wotɔ kpɔ titri kɔkɔ aɖe ɖe eŋu, eye woɖe mɔnu wuieve siwo nu agbo le la ɖe gli la me, eye mawudɔla wuieve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo dzi. 13 Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe, etɔ̃ le anyiehe, etɔ̃ le dziehe, eye etɔ̃ le ɣetoɖoƒe. 14 Woɖo gɔmeɖokpe wuieve na du la ƒe gliwo, eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-