11 Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! Lé ŋusẽ sue si le asiwò la me ɖe asi sesĩe ale be ame aɖeke maxɔ wò fiakuku la le asiwò o. 12 Ame si aɖu dzi la, mawɔe wòazu sɔti le Mawu ƒe gbedoxɔ me, eye magado go akpɔ o. Maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ ɖe eŋu, eye wòazu dumevi, atso nye Mawu ƒe du, Yerusalem Yeye la me. Du sia aɖiɖi tso nye Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu ana woaŋlɔ nye ŋkɔ yeye la ɖe ame sia ŋu.
Publicidade
Publicidade