Pular para o conteúdo
Publicidade

Dɔwɔwɔwo 18

Paulo ƒe dɔwɔwɔ le Korinto

1 Le nu siawo megbe la, Paulo dzo le Atene heyi Korinto. 2 Afi ma wòdo go Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akwila la le. Wodzi Akwila le Ponto, eye eya kple srɔ̃a Priskila wonɔ Italia tsã, gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã le Roma dua me. Esia ta Akwila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto. Paulo yi ɖasrã wo kpɔ, 3 elabena enye avɔgbadɔwɔla abe woawo ke ene. Enɔ wo gbɔ hewɔ kpli wo.

Veja também