18 eya ta milé se siawo ɖe ta me. Mibla wo ɖe miaƒe asiwo ŋu ale be woanɔ ŋku dzi na mi, eye miawɔ wo dzi. Mibla wo ɖe miaƒe ŋgonu le miaƒe ŋkuwo dome. 19 Mifia wo mia viwo; miƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me, ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple do ŋgɔ na ŋdinuɖuɖu! 20 Miŋlɔ wo ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu le miaƒe aƒewo me kple miaƒe agbowo ŋu, 21 ale be zi ale si dziŋgɔli anɔ anyi le mia tame ko la, mi kple mia viwo miakpɔ gome le agbe vivi si le mia lalam le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo la dzi.
Publicidade