18 "Ne woɖoe fiae, eye wònɔ eƒe fiazikpui dzi abe fia ene la, ekema ele be wòaŋlɔ se siawo katã tso agbalẽ si le Levitɔwo, ame siwo nye nunɔlawo la si me. 19 Ele be eƒe seawo ƒe ŋɔŋlɔ sia nanɔ esi ɣe sia ɣi, eye wòaxlẽ nu tso eme gbe sia gbe le eƒe agbe me ale be, wòasrɔ̃ ale si wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la to seawo katã dzi wɔwɔ me. 20 Se siawo xexlẽ ɣe sia ɣi ana be fia la mabu be yenyo wu Israelvi bubuawo o. Kpe ɖe esia ŋu la, axe mɔ nɛ be matrɔ tso Mawu ƒe seawo gbɔ le mɔ suetɔ kekeake nu o, eye wòana be eƒe fiaɖuɖu nadidi, eye wòadze edzi. Ekema via ŋutsuwo aɖu fia ɖe eyome."
Publicidade