20 Ke nyagblɔɖila si ada alakpa be yeƒe nya tso gbɔnye la aku. Nenema ke nyagblɔɖila ɖe sia ɖe si agblɔ be yeƒe nya tso mawu bubuwo gbɔ la, aku."
21 Ne èbia be, "Aleke míawɔ hafi anya ne nyagblɔɖi la tso Yehowa gbɔ loo alo metso egbɔ o?" 22 Nenye be nya si wògblɔ ɖi la meva eme o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la nɛ o, eya ŋutɔe kpae. Migaɖo to eƒe nya aɖeke o.