9 Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome.
10 "Miɖo ŋku ŋkeke si dzi mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le Horeb to la gbɔ, esi wògblɔ nam be, ‘Ƒo ameha la nu ƒu ɖe nye ŋkume be, woase nye nyawo ale be woasrɔ̃ ale si woade bubu ŋunye zi ale si wole agbe le anyigba la dzi, eye woawo hã woafia wo viwo.’