Publicidade

Eclesiastes 1

4 Dzidzime ɖeka nu va yina eye bubu vana,

ke anyigba ya ganɔa anyi nenema ko tegbee.

5 Ɣe dzena eye wòɖoa to;

eɖea abla yia afi si wòdze tso.

6 Ya ƒona ɖoa ta dziehe

eye wòtrɔna yia anyiehe.

Etrɔna toa eme madzudzɔmadzudzɔe

eye wògatrɔna yia afi si wòdze egɔme tsoe.

7 Tɔsisiwo katã sina yia atsiaƒu me,

ke atsiaƒu la meyɔna gbeɖe o.

Tsi la gatrɔna yia tɔsisiawo me

eye wògatsana yia atsiaƒu la me.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-