Pular para o conteúdo
Publicidade

Ezequiel 9

4 eye wògblɔ be, "Yi, nàto Yerusalem du la katã me, eye nàde dzesi ŋgonu na ame siwo se veve eye wole nu xam le ŋunyɔnu siwo wowɔna le dua me la ŋuti."

5 Esi menɔ to ɖom la, egblɔ na ame bubuawo be, "Midze eyome to du la me, eye miawu amewo. Migakpɔ nublanui na ame aɖeke loo, alo miaƒe me natrɔ ɖe ame aɖeke ŋu o. 6 Miwu ŋutsu tsitsiwo, ɖekakpuiwo, ɖetugbiwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa, gake migaka asi ame aɖeke si ŋu dzesi le la ŋu o." Midze egɔme tso ame tsitsi siwo gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi.

Veja também